< Yohanes 1 >
1 Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.
In the beginning was the Word, and the Word was with God, and the Word was God.
2 Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me.
The same was in the beginning with God.
3 To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o.
All things were made by him; and without him was not any thing made that was made.
4 Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli.
In him was life; and the life was the light of men.
5 Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
And the light shineth in darkness; and the darkness comprehended it not.
6 Ame aɖe va dzɔ si Mawu dɔ ɖo ɖa. Eŋkɔe nye Yohanes.
There was a man sent from God, whose name [was] John.
7 Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase.
The same came for a witness, to bear witness of the Light, that all [men] through him might believe.
8 Menye Yohanes ye nye kekeli la o. Eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le kekeli la ŋu.
He was not that Light, but [was sent] to bear witness of that Light.
9 Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me.
[That] was the true Light, which lighteth every man that cometh into the world.
10 Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me.
He was in the world, and the world was made by him, and the world knew him not.
11 Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.
He came unto his own, and his own received him not.
12 Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo,
But as many as received him, to them gave he power to become the sons of God, [even] to them that believe on his name:
13 ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
Which were born, not of blood, nor of the will of the flesh, nor of the will of man, but of God.
14 Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
And the Word was made flesh, and dwelt among us, (and we beheld his glory, the glory as of the only begotten of the Father, ) full of grace and truth.
15 (Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’”)
John bare witness of him, and cried, saying, This was he of whom I spake, He that cometh after me is preferred before me: for he was before me.
16 Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me.
And of his fulness have all we received, and grace for grace.
17 Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.
For the law was given by Moses, [but] grace and truth came by Jesus Christ.
18 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.
No man hath seen God at any time; the only begotten Son, which is in the bosom of the Father, he hath declared [him.]
19 Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem la dɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ be woabiae be, “Ame kae nènye?”
And this is the record of John, when the Jews sent priests and Levites from Jerusalem to ask him, Who art thou?
20 Megbe o, ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.”
And he confessed, and denied not; but confessed, I am not the Christ.
21 Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliyaa?” Egaɖo eŋu be, “Ao, menye Eliyae menye o.” Wogabiae be, “Nyagblɔɖila lae nènyea?” Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyee o.”
And they asked him, What then? Art thou Elias? And he saith, I am not. Art thou that prophet? And he answered, No.
22 Wogabiae be, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí, ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí la. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”
Then said they unto him, Who art thou? that we may give an answer to them that sent us. What sayest thou of thyself?
23 Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’”
He said, I [am] the voice of one crying in the wilderness, Make straight the way of the Lord, as said the prophet Esaias.
24 Farisitɔwo ƒe ame dɔdɔwo hã
And they which were sent were of the Pharisees.
25 biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o ɖe, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?”
And they asked him, and said unto him, Why baptizest thou then, if thou be not that Christ, nor Elias, neither that prophet?
26 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi, gake ame aɖe le mia dome,
John answered them, saying, I baptize with water: but there standeth one among you, whom ye know not;
27 si le yonyeme gbɔna, eye nyemedze be matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.”
He it is, who coming after me is preferred before me, whose shoe’s latchet I am not worthy to unloose.
28 Nu siawo katã dzɔ le Betania, kɔƒe aɖe si le Yɔdan tɔsisi la godo, afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le la me.
These things were done in Bethabara beyond Jordan, where John was baptizing.
29 Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!
The next day John seeth Jesus coming unto him, and saith, Behold the Lamb of God, which taketh away the sin of the world.
30 Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ be, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie, ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’
This is he of whom I said, After me cometh a man which is preferred before me: for he was before me.
31 Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be made mawutsi ta na amewo kple tsi, atsɔ aɖee afia Israel dukɔ la.”
And I knew him not: but that he should be made manifest to Israel, therefore am I come baptizing with water.
32 Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me, nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu.
And John bare record, saying, I saw the Spirit descending from heaven like a dove, and it abode upon him.
33 Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’
And I knew him not: but he that sent me to baptize with water, the same said unto me, Upon whom thou shalt see the Spirit descending, and remaining on him, the same is he which baptizeth with the Holy Ghost.
34 Mekpɔe be nu sia tututue dzɔ ɖe ŋutsu sia dzi, eya ta meɖi ɖase be eyae nye Mawu ƒe Vi la.”
And I saw, and bare record that this is the Son of God.
35 Le ŋkeke evea gbe la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo nɔ tsitre ɖe teƒe aɖe, eye Yesu va to wo gbɔ yina.
Again the next day after John stood, and two of his disciples;
36 Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gãa hegblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!”
And looking upon Jesus as he walked, he saith, Behold the Lamb of God!
37 Nusrɔ̃la eveawo se nya sia, eye wodze Yesu yome.
And the two disciples heard him speak, and they followed Jesus.
38 Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome, eye wòbia wo be, “Nu ka dim miele?” Woɖo eŋu be, “Rabi” (si gɔmee nye “Nufiala”), “afi ka nènɔna?”
Then Jesus turned, and saw them following, and saith unto them, What seek ye? They said unto him, Rabbi, (which is to say, being interpreted, Master, ) where dwellest thou?
39 Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo.
He saith unto them, Come and see. They came and saw where he dwelt, and abode with him that day: for it was about the tenth hour.
40 Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi.
One of the two which heard John [speak], and followed him, was Andrew, Simon Peter’s brother.
41 Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo).
He first findeth his own brother Simon, and saith unto him, We have found the Messias, which is, being interpreted, the Christ.
42 Enumake wòkplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ. Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes ƒe vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa” (si gɔmee nye Kpe Gbadza).
And he brought him to Jesus. And when Jesus beheld him, he said, Thou art Simon the son of Jona: thou shalt be called Cephas, which is by interpretation, A stone.
43 Esi ŋu ke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo, eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.”
The day following Jesus would go forth into Galilee, and findeth Philip, and saith unto him, Follow me.
44 Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de.
Now Philip was of Bethsaida, the city of Andrew and Peter.
45 Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel, eye wògblɔ nɛ be, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le Nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoae nye Yosef si tso Nazaret.”
Philip findeth Nathanael, and saith unto him, We have found him, of whom Moses in the law, and the prophets, did write, Jesus of Nazareth, the son of Joseph.
46 Nataniel gblɔ be, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaretia?” Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔe ɖa.”
And Nathanael said unto him, Can there any good thing come out of Nazareth? Philip saith unto him, Come and see.
47 Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”
Jesus saw Nathanael coming to him, and saith of him, Behold an Israelite indeed, in whom is no guile!
48 Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò.”
Nathanael saith unto him, Whence knowest thou me? Jesus answered and said unto him, Before that Philip called thee, when thou wast under the fig tree, I saw thee.
49 Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”
Nathanael answered and saith unto him, Rabbi, thou art the Son of God; thou art the King of Israel.
50 Yesu gabiae be, “Ɖe nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia aɖe ame si menye la afia wò.
Jesus answered and said unto him, Because I said unto thee, I saw thee under the fig tree, believest thou? thou shalt see greater things than these.
51 Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim.”
And he saith unto him, Verily, verily, I say unto you, Hereafter ye shall see heaven open, and the angels of God ascending and descending upon the Son of man.