< Yesaya 64 >

1 O, esi nàhadze dziƒowo me aɖi ava anyi, be towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me!
Would that thou hadst rent the heavens, hadst come down,
2 Abe ale si nake léa dzoe, eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la, nenema ke nàɖi va, ana wò ketɔwo nanya wò ŋkɔ, eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,
At thy presence, had mountains, quaked: As fire kindleth brushwood, [As] fire causeth, water, to boil, So if thou wouldst make known thy Name to thine adversaries, At thy presence, nations, would tremble.
3 elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ siwo míekpɔ mɔ na o la, èɖiɖi va anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me.
When thou didst fearful things we could not expect, Thou camest down at thy presence, mountains, quaked.
4 Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o.
Although from age-past times It was never heard, It was not perceived by the ear, —Neither did, the eye, ever see—That, a god besides thee, could work for the man who waited for him,
5 Èkpena ɖe ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe dzidzɔtɔe, eye wòɖoa ŋku wò mɔwo dzi la ŋuti, ke esi míegale nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ɖe ŋuwò la, èkpɔ dziku, eya ta aleke míawɔ akpɔ ɖeɖe?
Yet didst thou meet Him who was rejoicing and working righteousness, Even them who in thy ways, remembered thee, —Lo! thou, hast been vexed, And truly we had sinned, Among them, was the prospect of an age [to come], That we might be saved.
6 Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã le abe ɖovu ƒoɖi ene. Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene.
But we have become as one unclean all of us, And, as a garment polluted, were all our righteous doings, —And so we faded like a leaf all of us, And, our iniquity, as a wind, carried us away;
7 Ame aɖeke meyɔa wò ŋkɔ alo dzea agbagba be wòaku ɖe ŋuwò o, elabena èɣla wò mo ɖe mí, eye le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, èna míevɔ le eme keŋkeŋ,
And there was none To call upon thy Name, To rouse himself to lay firm hold on thee, —For thou hadst hidden thy face from us, And hadst made us despond, by means of our iniquity.
8 gake hã la, o Yehowa, wòe nye mía Fofo. Míawo la, anyie mienye eye wòe nye zemela. Mí katã mienye wò asinudɔwɔwɔwo.
But, now, O Yahweh, our father, thou art, —We are the clay, and, thou, art our potter, Yea the work of thy hand, are we all:
9 O! Yehowa, mègado dziku wòatso eme o. Mègaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi ɖaa o. O, nye kɔ nàkpɔ mi ɖa, mieɖe kuku, elabena mí katã míenye wò amewo.
Do not be indignant, O Yahweh so very greatly, Neither perpetually, do thou recall iniquity, —Lo! look around, we pray thee…thy people, are, we all.
10 Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion gɔ̃ hã zu gbegbe, eye Yerusalem zu aƒedo.
Thy holy cities, have become a wilderness, —Zion, a wilderness, hath become, Jerusalem, a desolation!
11 Wotɔ dzo míaƒe gbedoxɔ kɔkɔe dzeani si me mia fofowo kafu wò le, eye nu siwo katã ŋuti míede asixɔxɔe la gblẽ.
Our holy and our beautiful house Where our fathers praised thee, Hath become a conflagration, —And, all our delightful places, are in ruins!
12 O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la, ɖe nàgade megbe tso mía ŋua? Ɖe nàzi kpi ahe to na mí wu ale si hiã?
In view of these things, wilt thou restrain thyself. O Yahweh? Wilt thou hold thy peace and humble us so very greatly?

< Yesaya 64 >