< Hosea 1 >

1 Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel.
La parole de l'Éternel qui fut adressée à Osée, fils de Bééri, au temps d'Ozias, de Jotham, d'Achaz, d'Ézéchias, rois de Juda, et au temps de Jéroboam, fils de Joas, roi d'Israël.
2 Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.”
Lorsque l'Éternel commença à parler par Osée, l'Éternel dit à Osée: Va, prends une femme prostituée et des enfants de prostitution; car le pays ne fait que se prostituer loin de l'Éternel.
3 Ale Hosea yi ɖaɖe Gomer, Dioblaim ƒe vinyɔnu, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ.
Il alla donc et prit Gomer, fille de Diblaïm. Elle conçut, et lui enfanta un fils.
4 Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu.
Et l'Éternel lui dit: Appelle-le du nom de Jizréel; car encore un peu de temps, et je punirai la maison de Jéhu pour le sang versé à Jizréel, et je ferai cesser le règne de la maison d'Israël.
5 Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.”
Et il arrivera qu'en ce jour je romprai l'arc d'Israël dans la vallée de Jizréel.
6 Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o,
Elle conçut encore, et enfanta une fille, et l'Éternel dit à Osée: Appelle-la du nom de Lo-Ruchama (dont on n'a pas pitié); car je ne continuerai plus à avoir pitié de la maison d'Israël pour leur pardonner entièrement.
7 gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.”
Mais j'aurai pitié de la maison de Juda; je les sauverai par l'Éternel leur Dieu, et je ne les sauverai ni par l'arc, ni par l'épée, ni par les combats, ni par les chevaux, ni par les cavaliers.
8 Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi.
Puis, quand elle eut sevré Lo-Ruchama, elle conçut et enfanta un fils.
9 Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o.
Et l'Éternel dit: Appelle-le du nom de Lo-Ammi (pas mon peuple); car vous n'êtes pas mon peuple, et je ne suis pas votre Dieu.
10 “Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’
Cependant le nombre des enfants d'Israël sera comme le sable de la mer, qui ne peut ni se mesurer, ni se compter; et il arrivera que dans le lieu où il leur est dit: “Vous n'êtes pas mon peuple, “on leur dira: “Enfants du Dieu vivant! “
11 Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”
Et les enfants de Juda et les enfants d'Israël se réuniront ensemble et s'établiront un chef, et ils remonteront du pays; car la journée de Jizréel sera grande.

< Hosea 1 >