< Hebritɔwo 7 >
1 Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae.
For this Melchizedek, king of Salem, priest of God Most High, who met Abraham turning back from the striking of the kings, and blessed him,
2 Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”
to whom also Abraham divided a tenth of all (first, indeed, being interpreted, “King of righteousness,” and then also, “King of Salem,” which is, King of Peace),
3 Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
without father, without mother, without genealogy, having neither beginning of days nor end of life, and having been like the Son of God, remains a priest continually.
4 Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ!
And see how great this one [is], to whom Abraham the patriarch also gave a tenth out of the best of the spoils,
5 Azɔ la, se la bia tso Levi ƒe viwo ame siwo nye nunɔlawo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã.
and those, indeed, out of the sons of Levi receiving the priesthood, have a command to take tithes from the people according to the Law, that is, their brothers, even though they came forth out of the loins of Abraham;
6 Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si, eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo
and he who was not reckoned by genealogy of them, received tithes from Abraham, and he has blessed him having the promises,
7 abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la, ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle.
and apart from all controversy, the less is blessed by the better—
8 Ame siwo nye nunɔlawo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo; ŋutilã kple ʋu si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe.
and here, indeed, men who die receive tithes, and there [he] who is testified to that he was living,
9 Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi,
and so to speak, through Abraham even Levi who is receiving tithes, has paid tithes,
10 elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham ƒe alime; womekpɔ dzii o.
for he was yet in the loins of the father when Melchizedek met him.
11 Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o.
If indeed, then, perfection were through the Levitical priesthood—for the people under it had received law—what further need, according to the order of Melchizedek, for another priest to arise, and not to be called according to the order of Aaron?
12 Elabena ne tɔtrɔ va nunɔlaɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me.
For the priesthood being changed, of necessity also, a change comes of the Law,
13 Eya ame si ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me, eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ subɔ abe nunɔla ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o,
for He of whom these things are said in another tribe has had part, of whom no one gave attendance at the altar,
14 elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe nunɔlaɖuɖu ŋuti o.
for [it is] evident that out of Judah has arisen our Lord, in regard to which tribe Moses spoke nothing concerning priesthood.
15 Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne nunɔla bubu abe Melkizedek ene va ɖo,
And it is yet more abundantly most evident, if according to the likeness of Melchizedek there arises another priest,
16 ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti.
who did not come according to the law of a fleshly command, but according to the power of an endless life,
17 Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.” (aiōn )
for He testifies, “You [are] a priest—throughout the age, according to the order of Melchizedek”; (aiōn )
18 Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o
for an annulling indeed comes of the command going before because of its weakness, and unprofitableness
19 (elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.
(for nothing did the Law perfect), and the bringing in of a better hope, through which we draw near to God.
20 Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua nunɔla atamkakamanɔmee,
And inasmuch as [it is] not apart from oath
21 ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam, eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’” (aiōn )
(for those indeed apart from oath have become priests, and He [became priest] with an oath through Him who is saying to Him, “The LORD swore, and will not regret, You [are] a priest throughout the age, according to the order of Melchizedek”), (aiōn )
22 Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu.
by so much also has Jesus become guarantee of a better covenant,
23 Vovototo bubu si le nunɔla mawo kple Yesu domee nye be nunɔla mawo sɔ gbɔ, elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o,
and those indeed are many who have become priests, because by death they are hindered from remaining;
24 gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe nunɔladɔ o. (aiōn )
and He, because of His remaining throughout the age, has the inviolable priesthood, (aiōn )
25 Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.
from where also He is able to save to the very end, those coming through Him to God—ever living to make intercession for them.
26 Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.
For also such a Chief Priest was fitting for us—holy, innocent, undefiled, separate from the sinners, and having become higher than the heavens,
27 Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.
who has no daily necessity, as the chief priests, to first offer up sacrifice for His own sins, then for those of the people; for this He did once, having offered up Himself;
28 Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe. (aiōn )
for the Law appoints men [as] chief priests, having weakness, but the word of the oath that [is] after the Law [appoints] the Son having been perfected throughout the age. (aiōn )