< Hagai 2 >

1 Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia gbe la, Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be,
در روز بیست و یکم ماه هفتم همان سال، خداوند به حَجَّی گفت:
2 “Gblɔ na Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple nunɔlaga Yosua, Yehozadak ƒe vi kple Yudatɔwo ƒe ame mamlɛawo eye nàbia wo be,
«اکنون با زَروبابِل فرزند شِئَلتیئیل، فرماندار یهودا، یِهوشَع فرزند یِهوصاداق، کاهن اعظم، و نیز با تمامی باقیماندگان قوم سخن بگو و از ایشان بپرس:
3 ‘Mia dometɔ kae ate ŋu aɖo ŋku ale si gbedoxɔ la ƒe atsyɔ̃ nɔ tsã la dzi? Aleke miele esia kpɔm fifiae? Ɖe wòɖi nane le mia ŋkumea?
”آیا کسی در بین شما هست که شکوه و عظمت خانهٔ خدا را آن طوری که در سابق بود به خاطر آورد؟ آیا این خانه‌ای که می‌سازید در مقایسه با خانهٔ قبلی به نظر شما ناچیز نمی‌آید؟
4 Ke azɔ la, Oo Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo eye nàdo ŋusẽ nu’ Yehowae gblɔe. ‘Sẽ ŋu, Oo Yosua, Yehozadak ƒe avi, nunɔlagã, sẽ ŋu, mi anyigbadzitɔwo katã eye miawɔ dɔ.’ Yehowae gblɔe. ‘Elabena nye la meli kpli mi.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
اما اکنون خداوند می‌فرماید: هر چند به ظاهر چنین است اما مأیوس نشوید. ای زروبابِل و یهوشع و همهٔ قوم، قوی دل باشید و کار کنید، چون من با شما هستم. این را خداوند لشکرهای آسمان می‌گوید.
5 ‘Esiae nye nu si mebla kpli mi esi miedo go tso Egipte be, nye Gbɔgbɔ la anɔ mia me. Migavɔ̃ o.’
وقتی از مصر بیرون می‌آمدید به شما وعده دادم که روح من در میان شما می‌ماند؛ پس ترسان نباشید!“
6 “Esiae nye nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ, ‘Madidi o la, maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe siaa.
«زیرا خداوند لشکرهای آسمان می‌فرماید: بار دیگر آسمانها و زمین، دریاها و خشکی را به لرزه درمی‌آورم.
7 Maʋuʋu dukɔwo katã, woatsɔ woƒe kesinɔnuwo ava afii eye gbedoxɔ la ayɔ kple ŋutikɔkɔe.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
تمام قومها را سرنگون می‌کنم، و ثروت آنها به این خانه سرازیر می‌شود. و خداوند لشکرهای آسمان می‌گوید: من این مکان را با جلال خود پر می‌سازم.
8 ‘Klosalo la tɔnyee, eye sika hã tɔnyee.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
خداوند لشکرهای آسمان می‌فرماید: تمام طلا و نقرهٔ دنیا از آن من است.
9 ‘Gbedoxɔ yeye la ƒe atsyɔ̃ gbɔ gbedoxɔ xoxoa ƒe atsyɔ̃ ŋu sãa.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Eye le teƒe sia makɔ nye ŋutifafa ɖo.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
خداوند لشکرهای آسمان می‌گوید: شکوه و عظمت آیندهٔ این خانه از شکوه و عظمت خانهٔ قبلی بیشتر خواهد بود و در این مکان به قوم خود صلح و سلامتی خواهم بخشید.» این است آنچه خداوند لشکرهای آسمان می‌فرماید.
10 Le ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Hagai be,
در روز بیست و چهارم ماه نهم از دومین سال سلطنت داریوش، این پیام از جانب خداوند به حَجَّی نبی نازل شد:
11 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mibia nu si se la gblɔ la nunɔlawo,
«خداوند لشکرهای آسمان می‌فرماید: از کاهنان بخواه تا جواب شرعی این سؤال را بدهند:
12 ne mia dometɔ aɖe tsɔ lã kɔkɔe aɖe xatsa ɖe eƒe awu me, eye wògblɔ be lã kɔkɔe sia ka abolo alo detsi, wain, ami alo nuɖuɖu bubu aɖe ŋuti la, ɖe wòwɔ nu siawo kɔkɔea?’” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ao.”
”اگر کسی قسمتی از گوشت مقدّس قربانی را در دامن ردایش گذاشته آن را حمل کند و برحسب اتفاق ردایش با نان، آش، شراب، روغن و یا هر نوع خوراک دیگری تماس پیدا کند، آیا آن خوراک مقدّس می‌شود؟“» کاهنان جواب دادند: «نه، مقدّس نمی‌شود؟»
13 Hagai gabia be, “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋuti, eye wòzu ame makɔmakɔ, hafi wòka asi nuɖuɖu siawo ƒe ɖe ŋuti la, ɖe nu siawo hã zu nu makɔmakɔa?” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, wozu nu makɔmakɔwo.”
سپس حَجَّی پرسید: «و اما اگر شخصی به جسد مرده‌ای دست بزند و بدین ترتیب نجس شود و بعد به یکی از این خوراکها دست بزند، آیا آن خوراک نجس می‌شود؟» کاهنان جواب دادند: «بلی، نجس می‌شود.»
14 Azɔ Hagai gblɔ na wo be, “Yehowa be nenema ame siawo kple dukɔ sia le le nye ŋkume. Nu sia nu si miewɔ kple nu sia nu si mietsɔ sa vɔe la ŋuti mekɔ o.” Yehowae gblɔe.
پس حَجَّی گفت: «خداوند می‌فرماید شما نیز در نظر من همین‌طور نجس هستید و هر کاری که می‌کنید و هر قربانی که به خانۀ من می‌آورید، نجس است.
15 “‘Eya ta, mibu ta me le nu siawo ŋu nyuie tso fifia yina, mibu ale si nuwo nɔ hafi woɖo kpe ɖe kpe dzi hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu.
خوب فکر کنید و ببینید قبل از اینکه دست به کار ساختن خانهٔ خداوند بزنید وضع شما چگونه بود.
16 Tsã la, ne miedzidze bli dzidzenu blaeve da ɖi eye emegbe ne mietrɔ yi ɖadzidzee la dzidzenu ewo ko wòtsina. Nenema ke, le wainfiaƒe, ne miedzidze wain ahago blaatɔ̃ da ɖi la, ahago blaeve ko wòtsina ne miegayi ɖadzidzee.
در آن روزها وقتی انتظار داشتید دو خروار محصول برداشت کنید، فقط نصف آن به دستتان می‌رسید، و هنگامی که به امید پنجاه لیتر شراب به سراغ خمره‌هایتان می‌رفتید، بیشتر از بیست لیتر نمی‌یافتید.
17 Meda tohehe ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dzi kple ŋɔviwo, ale miaƒe bli gblẽ le agble dzi eye tsikpe dza ɖe miaƒe nukuwo dzi gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.’ Yehowae gblɔe.
من محصولات شما را با باد سوزان، آفت و تگرگ از بین بردم، اما با وجود همهٔ اینها به سوی من بازگشت نکردید.
18 “‘Ke tso egbe, ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Mibu eŋu kpɔ:
ولی از امروز که روز بیست و چهارم ماه نهم و روزی است که بنیاد خانهٔ خدا گذاشته شده است، ببینید من برای شما چه خواهم کرد.
19 Ɖe nuku siwo woƒãna la ƒe ɖewo ganɔ ava mea? Va se ɖe fifia la, wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti metse ku haɖe o. “‘Gake tso egbeŋkeke sia dzi la, mayra mi.’”
اگرچه غله‌ای در انبارها باقی نمانده، و هنوز درختان انگور، انجیر، انار و زیتون میوه نداده‌اند، ولی من به شما برکت خواهم داد.»
20 Yehowa ƒe gbe va na Hagai zi evelia le ɣletia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi be,
در همان روز پیام دیگری از جانب خداوند به حَجَّی رسید:
21 “Gblɔ na Zerubabel, Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã la be, maʋuʋu dziƒo kple anyigba.
«به زروبابِل، حاکم یهودا بگو که به‌زودی آسمانها و زمین را به لرزه درمی‌آورم،
22 Mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi eye makaka dzronyigbadzifiaɖuƒewo. Mamu tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi eye sɔwo kple wo dolawo atsrɔ̃ eye ame sia ame atsi ehavi ƒe yi nu.”
تختهای فرمانروایان را واژگون می‌سازم و قدرت آنان را از بین می‌برم. ارابه‌ها و سواران را سرنگون می‌کنم، و اسبها کشته می‌شوند و سوارانشان یکدیگر را با شمشیر از پای در می‌آورند.
23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “‘Le ŋkeke ma dzi la, matsɔ wò, nye dɔla Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yehowae gblɔe eye mawɔ wò nye ŋkɔsigɛe elabena metia wò.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
«خداوند لشکرهای آسمان می‌فرماید: وقتی که این امور واقع گردد، ای زروبابِل، خدمتگزار من، تو برای من مانند نگین انگشتر خواهی بود، زیرا تو را برگزیده‌ام.» این است آنچه خداوند لشکرهای آسمان می‌فرماید.

< Hagai 2 >