< Hezekiel 5 >

1 “Azɔ, ame vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, wɔ eŋu dɔ abe takola aɖe ƒe hɛ ene, eye nàlũ wò taɖa kple ge. Le esia megbe la, ma ɖa la le nudanu dzi.
Et toi, fils de l’homme, prends un instrument tranchant, un rasoir de barbier; prends-le, et passe-le sur ta tête et sur ta barbe. Prends ensuite une balance à peser, et partage les cheveux.
2 Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku me atsɔ anya wo ɖe du nu.
Brûles-en un tiers dans le feu, au milieu de la ville, lorsque les jours du siège seront accomplis; prends-en un tiers, et frappe-le avec le rasoir tout autour de la ville; disperses-en un tiers au vent, et je tirerai l’épée derrière eux.
3 Ke ɖe ɖa sue aɖe dzra ɖo ɖe wò awu ƒe biɖedziwo me,
Tu en prendras une petite quantité, que tu serreras dans les bords de ton vêtement.
4 eye nàgatsɔ ɖa sue aɖe ade dzo me. Dzo abi tso afi ma age ɖe Israel ƒe aƒe blibo la me.
Et de ceux-là tu en prendras encore quelques-uns, que tu jetteras au feu et que tu brûleras dans le feu. De là sortira un feu contre toute la maison d’Israël.
5 “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esiae nye Yerusalem si metsɔ da ɖe dukɔwo dome, eye anyigba geɖewo ƒo xlãe.
Ainsi parle le Seigneur, l’Éternel: C’est là cette Jérusalem que j’avais placée au milieu des nations et des pays d’alentour.
6 Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’
Elle a violé mes lois et mes ordonnances, et s’est rendue plus coupable que les nations et les pays d’alentour; car elle a méprisé mes lois, elle n’a pas suivi mes ordonnances.
7 “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Miedze aglã wu dukɔ siwo ƒo xlã mi, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye mielé nye sewo me ɖe asi o. Miaƒe wɔnawo menyo abe dukɔ siwo ƒo xlã mi la tɔwo gɔ hã ene o.’
C’est pourquoi ainsi parle le Seigneur, l’Éternel: Parce que vous avez été plus rebelles que les nations qui vous entourent, parce que vous n’avez pas suivi mes ordonnances et pratiqué mes lois, et que vous n’avez pas agi selon les lois des nations qui vous entourent;
8 “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Nye ŋutɔ medo dɔmedzoe ɖe wò, Yerusalem ŋu, eye mahe to na wò le dukɔwo ŋkume.
à cause de cela, ainsi parle le Seigneur, l’Éternel: Voici, j’en veux à toi, et j’exécuterai au milieu de toi mes jugements sous les yeux des nations.
9 Le miaƒe legba nyɔŋuwo katã ta la, mawɔ nu si nyemewɔ kpɔ o la mi, esi nyemagawɔ gbeɖe o.
A cause de toutes tes abominations, je te ferai ce que je n’ai point encore fait, ce que je ne ferai jamais.
10 Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’
C’est pourquoi des pères mangeront leurs enfants au milieu de toi, et des enfants mangeront leurs pères; j’exercerai mes jugements contre toi, et je disperserai à tous les vents tout ce qui restera de toi.
11 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Eya ta meta nye agbe, zi ale si miegblẽ kɔ ɖo na nye Kɔkɔeƒe kple miaƒe legba nyɔŋuwo kple kɔnu vlowo ta la, nye ŋutɔ maɖe nye amenuveve ɖa le mia dzi. Nyemakpɔ nublanui na mi o, eye nyemaɖe mi o.
C’est pourquoi, je suis vivant! Dit le Seigneur, l’Éternel, parce que tu as souillé mon sanctuaire par toutes tes idoles et toutes tes abominations, moi aussi je retirerai mon œil, et mon œil sera sans pitié, moi aussi je n’aurai point de miséricorde.
12 Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’
Un tiers de tes habitants mourra de la peste et sera consumé par la famine au milieu de toi; un tiers tombera par l’épée autour de toi; et j’en disperserai un tiers à tous les vents, et je tirerai l’épée derrière eux.
13 “Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi.
J’assouvirai ainsi ma colère, je ferai reposer ma fureur sur eux, je me donnerai satisfaction; et ils sauront que moi, l’Éternel, j’ai parlé dans ma colère, en répandant sur eux ma fureur.
14 “Miazu gbegbe, alɔmeɖenu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome, le emetsolawo katã ƒe ŋkume.
Je ferai de toi un désert, un sujet d’opprobre parmi les nations qui t’entourent, aux yeux de tous les passants.
15 Miazu alɔmeɖenu, vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzi na dukɔ siwo ƒo xlã mi ne mehe to na mi le nye dɔmedzoe kple dziku me. Nye Yehowae gblɔe.
Tu seras un sujet d’opprobre et de honte, un exemple et un objet d’effroi pour les nations qui t’entourent, quand j’exécuterai contre toi mes jugements, avec colère, avec fureur, et par des châtiments rigoureux, c’est moi, l’Éternel, qui parle,
16 Ne metsɔ nye dɔwuame ƒe aŋutrɔ siwo hea ku vɛ, eye wogblẽa nu da mi la, mada wo be woatsrɔ̃ mi. Mana dɔwuame nagasẽ ɖe edzi wu tsã le mia dome, eye maxe mɔ na nuɖuɖu ƒe mia gbɔ ɖoɖo.
quand je lancerai sur eux les flèches pernicieuses de la famine, qui donnent la mort, et que j’enverrai pour vous détruire; car j’ajouterai la famine à vos maux, je briserai pour vous le bâton du pain.
17 Mana dɔwuame kple lã wɔadãwo nava mia dzi, eye woana viwo maganɔ mia si o. Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi ava mia dzi, eye matsɔ yi ɖe mia ŋu. Nye Yehowae gblɔe.”
J’enverrai contre vous la famine et les bêtes féroces, qui te priveront d’enfants; la peste et le sang passeront au milieu de toi; je ferai venir l’épée sur toi. C’est moi, l’Éternel, qui parle.

< Hezekiel 5 >