< Hezekiel 38 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
The word of Yahweh came to me, saying,
2 “Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu,
“Son of man, set your face toward Gog, the land of Magog, the chief prince of Meshech and Tubal; and prophesy against him.
3 eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal.
Say, 'The Lord Yahweh says this: Behold! I am against you, Gog, chief prince of Meshech and Tubal.
4 Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame.
So I will turn you around and set hooks in your jaw; I will send you out with all your army, horses, and horsemen, all of them dressed in full armor, a great company with large shields and small shields, all of them holding swords!
5 Persia, Kus kple Put akpe ɖe wo ŋu, wo katã woakpla akpoxɔnuwo, eye woaɖɔ gakukuwo,
Persia, Cush, and Libya are with them, all of them with shields and helmets!
6 Gomer hã kple eƒe aʋawɔlawo katã kple Bet Togarma tso keke anyiehe ke kple eƒe aʋawɔlawo katã, dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.”
Gomer and all her troops, and Beth Togarmah, from the far parts of the north, and all its troops! Many peoples are with you!
7 “Nɔ klalo, nàdzra ɖo, wò kple ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye nànɔ wo nu.
Get ready! Yes, prepare yourself and your troops assembled with you, and be their commander.
8 Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie.
You will be called after many days, and after some years you will go to a land that has recovered from the sword and that has been gathered from many peoples, gathered back to the mountains of Israel that had been a continuous ruin. But the land's people will be brought out of the peoples, and they will live in safety, all of them!
9 Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.”
So you will go up as a storm goes; you will be like a cloud covering the land, you and all your troops, all the many soldiers with you.
10 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le ŋkeke ma dzi la, susuwo aɖo ta me na wò, eye nàwɔ ɖoɖo vɔ̃ aɖe.”
The Lord Yahweh says this: It will happen on that day that plans will form in your heart, and you will devise wicked schemes.'
11 Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o.
Then you will say, 'I will go up to the open land; I will go to the quiet people living in safety, all of them living where there are no walls or bars, and where there are no city gates.
12 Maha wo, eye makɔ nye asi dzi ɖe du siwo gbã, eye wogbugbɔ wo tu kple ame siwo nu woƒo ƒui tso dukɔwo me, ame siwo si lãwo kple nunɔamesiwo le, eye wole anyigba la titina la ŋu.”
I will capture booty and steal plunder, in order to bring my hand against the ruins that are newly inhabited, and against the people gathered from the nations, people who are gaining livestock and property, and who are living at the center of the earth.'
13 Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?”
Sheba and Dedan, and the traders of Tarshish along with all its young warriors will say to you, 'Have you come to plunder? Have you assembled your armies to take away spoil, to carry off silver and gold, to take their livestock and property and to haul away much plunder?'
14 Eya ta Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na Gog be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Gbe ma gbe ne nye amewo, Israelviwo ɖe dzi ɖi le dedinɔnɔ me la, màde dzesii oa?
Therefore prophesy, son of man, and say to Gog, 'The Lord Yahweh says this: On that day, when my people Israel are living securely, will you not learn about them?
15 Àva tso wò nɔƒe le anyiehe ƒe didiƒe, wò kple dukɔ geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔwo dzi, ameha gã aɖe kple aʋakɔ dranyi aɖe.
You will come from your place far away in the north with a great army, all of them riding on horses, a great company, a large army.
16 Àlu ɖe nye dukɔ, Israel, dzi abe lilikpo si atsyɔ anyigba la dzi ene. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, O! Gog, mana nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo adze sim ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to dziwò le woƒe ŋkume.
You will attack my people Israel like a cloud that covers the land. In the latter days I will bring you against my land, so the nations might know me when I show myself through you, Gog, to be holy before their eyes.
17 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu.
The Lord Yahweh says this: Are you not the one of whom I spoke in former days by the hand of my servants, the prophets of Israel, who prophesied in their own time for years that I would bring you against them?
18 Nu siae adzɔ gbe ma gbe. Ne Gog ho aʋa ɖe Israelnyigba ŋu la, mado dziku helĩhelĩ; Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
So it will come to be in that day when Gog attacks the land of Israel—this is the Lord Yahweh's declaration—my wrath will mount up in my anger.
19 Le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe helĩhelĩ me la, megblɔ be, le ɣe ma ɣi me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe anɔ Israelnyigba dzi.
In my zeal and in the fire of my anger, I declare that on that day there will be a great earthquake in the land of Israel.
20 Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu.
They will shake before me—the fish of the sea and the birds of the skies, the beasts of the fields, and all the creatures that crawl on the earth, and every person who is on the surface of the land. The mountains will be thrown down and the cliffs will fall, until every wall falls to the earth.
21 Mana yi natso ɖe Gog ŋu le nye toawo katã dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu.
I will summon a sword against him on all my mountains—this is the Lord Yahweh's declaration—each man's sword will be against his brother.
22 Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi.
Then I will judge him by plague and blood; and overflowing rain and hailstones and burning sulfur I will rain down upon him and his troops and the many nations that are with him.
23 Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”
For I will show my greatness and my holiness and I will make myself known in the eyes of the many nations, and they will know that I am Yahweh.'”

< Hezekiel 38 >