< Hezekiel 36 >
1 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O! Israel towo, mise Yehowa ƒe nya.
But thou, son of man, prophesy unto the mountains of Israel, and say, O mountains of Israel, hear ye the word of the Lord.
2 Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.”’
Thus hath said the Lord Eternal, Because the enemy hath said regarding you, Aha, even the ancient high-places are become ours as a possession:
3 Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kple woƒe alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu ta la,
Therefore prophesy and say, Thus hath said the Lord Eternal, Because, even because men have made you desolate, and sought to swallow you up on every side, that ye might become a possession unto the residue of the nations, and ye are taken up as a talk for tongues, and an evil report of the people:
4 eya ta, O! Israel towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo, gbegbewo kple aƒedo duwo, teƒe siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi ha, eye wodo vlo mi la,’
Therefore, O mountains of Israel, hear ye the word of the Lord Eternal, Thus hath said the Lord Eternal to the mountains, and to the hills, to the ravines, and to the valleys, to the desolate ruins, and to the cities that are forsaken, which are become a prey and derision to the residue of the nations that are round about:
5 Aƒetɔ Yehowa be, ‘Metsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzo bibi ƒo nu ɖe dukɔ mamlɛawo kple Edom ŋu, elabena wotsɔ dzidzɔ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo wɔ nye anyigba wo tɔe, ale be woaha eƒe lãnyiƒewo.
Therefore thus hath said the Lord Eternal, Surely in the fire of my jealousy have I spoken against the residue of the nations, and against all Idumea, that have appropriated my land unto themselves as a possession with the joy of all their heart, with derision in their soul, in order to drive it out that it may be for a prey.
6 Eya ta gblɔ nya ɖi tso Israelnyigba ŋuti, eye nàgblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo be, “Aƒetɔ Yehowa be, mele nu ƒom le nye ŋuʋaʋã ƒe dziku me, elabena miekpe fu le dukɔwo ƒe fewuɖuɖu me.
Therefore prophesy concerning the land of Israel, and say unto the mountains, and to the hills, to the ravines, and to the valleys, Thus hath said the Lord Eternal, Behold, In my zealousness and in my fury have I spoken, because ye have borne the reproach of the nations:
7 Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mekɔ nye asi dzi heka atam be woaɖu fewu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la hã ŋu.”’
Therefore thus hath said the Lord Eternal, I have indeed lifted up my hand, that the nations who are round about you— these shall bear their shame.
8 “Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe.
But ye, O mountains of Israel, ye shall send forth your boughs, and your fruit shall ye bear for my people Israel, for they are near at hand to come.
9 Metsi dzi ɖe mia ŋu, eye makpɔ nublanui na mi. Woaŋlɔ mi, woaƒã nukuwo ɖe mia dzi,
For, behold, I will be for you, and I will turn unto you, and ye shall be tilled and ye shall be sown;
10 eye mana amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã. Amewo anɔ duawo me, eye woagbugbɔ du gbagbãwo atu.
And I will multiply upon you men, all the house of Israel— altogether; and the cities shall be inhabited again, and the ruins shall be rebuilt;
11 Madzi amewo kple lãwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi le mia dzi, woadzi, eye woasɔ gbɔ. Mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye nuwo anyo na mi wu tsã. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.
And I will multiply upon you men and beast, and they shall increase and be fruitful; and I will cause you to be inhabited after your old estates, and will do more good unto you than at your beginnings: and ye shall know that I am the Lord.
12 Mana nye dukɔ, nye dukɔ, Israel, nazɔ le dziwò. Woaxɔ wò, eye nànye woƒe domenyinu; miagaxɔ wò viwo le wo si azɔ o.
Yea, I will cause to walk upon you men, even my people Israel, and they shall possess thee, and thou shalt be unto them as an inheritance, and thou shalt not any more henceforth cast them out.
13 “Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esi amewo gblɔna na mi be mieɖua amelã, eye mieɖea vi ɖa le miaƒe dukɔ ŋuti ta la,
Thus hath said the Lord Eternal, Because they say unto you, Thou land devourest up men, and hast been one that hath ever cast out thy nations:
14 miagaɖu amelã azɔ o, eye miagatsrɔ̃ ɖeviwo na dukɔa azɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Therefore shalt thou not devour up men any more, and thy nations shalt thou not cast out any more, saith the Lord Eternal.
15 Nyemagana miase dukɔwo ƒe fewuɖuɖu le mia ŋu o, eye dukɔwo magado vlo mi alo ana miaƒe dukɔ la nadze anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”
And I will not let be heard against thee any more the reproach of the nations, and the disgrace of the people shalt thou not bear any more, and thy nations shalt thou not cast out any more, saith the Lord Eternal.
16 Aƒetɔ Yehowa ƒe nya gava nam be,
And the word of the Lord came unto me, saying,
17 “Ame vi, esime Israelviwo nɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, wodo gui to woƒe nɔnɔme kple wɔnawo me. Woƒe nɔnɔme le abe nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ ene le nye ŋkume.
Son of man, the house of Israel, when they dwelt in their own land, defiled it through their way and through their doings: like the uncleanness of a woman in her separation was their way before me.
18 Eya ta metrɔ nye dziku kɔ ɖe wo dzi, elabena wokɔ ʋu ɖe anyigba la dzi, eye wogblẽ kɔ ɖo nɛ kple woƒe legbawo.
And I poured out my fury over them because of the blood that they had shed in the land, and because through their idols they had polluted it;
19 Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple wɔnawo nu.
And I scattered them among the nations, and they were dispersed through the countries: according to their way and according to their doings did I judge them.
20 Eye afi sia afi si woyi le dukɔwo dome la, wodoa gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, elabena wogblɔ tso wo ŋu be, ‘Ame siawo nye Yehowa ƒe amewo, ke ele na wo be woadzo le anyigba la dzi.’
And when they were come unto the nations, whither they were gone, they profaned my holy name; because they said of them, These are the people of the Lord, and out of his land are they gone forth.
21 Metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ŋkɔ si Israel ƒe aƒe la do gui le dukɔ siwo me woyi la ŋkume.”
But I had pity for my holy name, which the house of Israel had profaned among the nations, whither they were gone.
22 Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae.
Therefore say unto the house of Israel, Thus hath said the Lord Eternal, Not for your sake do I this, O house of Israel, but for the sake of my holy name, which ye have profaned among the nations, whither ye are gone.
23 Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume.
And I will sanctify my great name, which was profaned among the nations, which ye have profaned in the midst of them; and the nations shall know that I am the Lord, saith the Lord Eternal, when I will be sanctified through you before your eyes.
24 “Elabena maɖe mi le dukɔawo dome, maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
And I will take you from among the nations, and I will gather you out of all the countries, and I will bring you unto your own land.
25 Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome.
And I will sprinkle upon you clean water, and ye shall be clean: from all your impurities, and from all your idols, will I cleanse you.
26 Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me; maɖe miaƒe kpedzi ɖa le mia me, eye mana lãkusidzi mi.
And I will give you a new heart, and a new spirit will I put within you; and I will remove the heart of stone out of your body, and I will give you a heart of flesh.
27 Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi.
And my spirit I will put within you, and I will cause that you shall walk in my statutes, and that my ordinances ye shall keep, and do them.
28 Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi; mianye nye amewo, eye manye miaƒe Mawu.
And ye shall dwell in the land which I gave to your fathers; and ye shall be unto me for a people, and I truly will be unto you as a God.
29 Maɖe mi tso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me. Mana bli nasɔ gbɔ na mi, eye nyemana dɔwuame nava mia dzi o.
And I will save you from all kinds of your impurities; and I will call unto the corn, and increase it, and I will not lay famine upon you.
30 Madzi atikutsetsewo kple miaƒe agblemenukuwo ɖe edzi, ale be miagaɖu ŋukpe le dukɔwo dome le dɔwuame ta o.
And I will multiply the fruit of the trees, and the products of the field: in order that ye may receive no more reproach on account of famine among the nations.
31 Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi, eye miaƒe nu anyɔ ŋu na miawo ŋutɔ le miaƒe nu vɔ̃wo kple nuwɔna vlowo ta.
Then shall ye remember your ways that they were evil, and your doings that were not good; and ye shall loathe yourselves on account of your iniquities and on account of your abominations.
32 Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.”
Not for your sake do I this, saith the Lord Eternal, be it known unto you: be ashamed and confounded because of your ways, O house of Israel.
33 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le gbe si gbe maklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋuti la, mana amewo naganɔ miaƒe duwo me, eye woagbugbɔ gli gbagbãwo aɖo.
Thus hath said the Lord Eternal, On the day of my cleansing you from all your iniquities, when I cause the cities to be inhabited, and when the ruins are built up,
34 Woade agble ɖe gbegbewo, eye womaganye gbegbe le emetsolawo ŋkume o.
And when the desolate land is tilled, instead that it was a waste before the eyes of every passer by:
35 Woagblɔ be anyigba si nye gbegbe tsã la, va ɖi Edenbɔ azɔ. Du siwo gbã, eye wozu aƒedo tsã la, woglã wo, eye amewo le wo me.
Then shall they say, This land, that was desolate, is become like the garden of 'Eden; and the cities that were ruined, and desolate, and broken down, are become fortified, and inhabited.
36 Ekema dukɔ siwo susɔ ƒo xlã mi la anya be, nye Yehowae gbugbɔ du siwo wogbã la tu, eye medo nukuwo ɖe gbegbewo. Nye Yehowae gblɔe, eye mawɔe hã.”
And the nations that are left round about you shall know that I the Lord have built up the broken-down [places], have planted the desolate [land]: I the Lord have spoken this, and have done it.
37 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Magaɖo to Israel ƒe aƒe ƒe kokoƒoƒo, eye mawɔ nu sia na wo. Mana eƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene,
Thus hath said the Lord Eternal, Also in this will I yet suffer myself to be entreated of by the house of Israel, to do it for them, I will increase them with men like flocks [in multitude].
38 abe alẽ siwo woatsɔ asa vɔwoe le Yerusalem le ŋkekenyuiɖuɣiwo ene. Nenemae amewo ayɔ du siwo gbã la me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.’”
As the flocks of the holy things, as the flocks of Jerusalem on her appointed feasts, so shall the ruined cities be full of flocks of men: and they shall know that I am the Lord.