< Hezekiel 22 >
1 Yehowa ƒe nya va nam be:
And there is a word of Jehovah unto me, saying,
2 “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume,
'And thou, son of man, dost thou judge? dost thou judge the city of blood? then thou hast caused it to know all its abominations,
3 eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me.
and thou hast said: Thus said the Lord Jehovah: The city is shedding blood in its midst, For the coming in of its time, And it hath made idols on it for defilement.
4 Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã.
By thy blood that thou hast shed thou hast been guilty, And by thine idols that thou hast made thou hast been defiled, And thou causest thy days to draw near, And art come in unto thine years, Therefore I have given thee a reproach to nations, And a derision to all the lands.
5 Kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa aɖu fewu le ŋuwò. O! Du maxɔŋkɔ, si yɔ fũu kple ʋunyaʋunya.
The near and the far-off from thee scoff at thee, O defiled of name — abounding in trouble.
6 “‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa.
Lo, princes of Israel — each according to his arm Have been in thee to shed blood.
7 Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti.
Father and mother made light of in thee, To a sojourner they dealt oppressively in thy midst, Fatherless and widow they oppressed in thee.
8 Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo.
My holy things thou hast despised, And My sabbaths thou hast polluted.
9 Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo.
Men of slander have been in thee to shed blood, And on the mountains they have eaten in thee, Wickedness they have done in thy midst.
10 Le mewò la, ame siwo doa vlo wo fofowo ƒe aba kple ame siwo dɔna kple nyɔnu siwo kpɔ dzinu, eye wo ŋuti mekɔ o la le.
The nakedness of a father hath one uncovered in thee, The defiled of impurity they humbled in thee.
11 Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu.
And each with the wife of his neighbour hath done abomination, And each his daughter-in-law hath defiled through wickedness, And each his sister, his father's daughter, hath humbled in thee.
12 Le mewò la, amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Woxɔa awɔbanu kple deme kɔkɔwo, eye wokpɔa viɖe madzemadze to wo nɔviwo baba me. Eye mieŋlɔm be. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
A bribe they have taken in thee to shed blood, Usury and increase thou hast taken, And cuttest off thy neighbour by oppression, And Me thou hast forgotten, An affirmation of the Lord Jehovah!
13 “‘Maƒo asikpe kplokplokpo kokoko le viɖe madzɔmadzɔ si miekpɔ kple ʋu si miekɔ ɖi le mia dome la ta.
And lo, I have smitten My hand, Because of thy dishonest gain that thou hast gained, And for thy blood that hath been in thy midst.
14 Ɖe dzi anɔ mia ƒo alo miaƒe asiwo asẽ ŋu le ŋkeke si matu nu kple mi la dzia? Nye, Yehowae ƒo nu, eye mawɔe hã.
Doth thy heart stand — are thy hands strong, For the days that I am dealing with thee? I, Jehovah, have spoken and have done [it].
15 Makaka mi ɖe dukɔwo dome kple anyigbawo dzi, eye matsi miaƒe makɔmakɔnyenye nu.
And I have scattered thee among nations, And have spread thee out among lands, And consumed thy uncleanness out of thee.
16 Ne wodo gu mi le dukɔwo ƒe ŋkume la, mianya be nyee nye Yehowa.’”
And thou hast been polluted in thyself Before the eyes of nations, And thou hast known that I [am] Jehovah.'
17 Tete Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam.
And there is a word of Jehovah unto me, saying, 'Son of man,
18 “Ame vi, Israel ƒe aƒe blibo la zu aŋɔka nam; wo katã wonye akɔbli, gaɣi, gayibɔ kple tsumi si susɔ ɖe kpodzo me. Wole ko abe klosaloŋuka ene.
The house of Israel hath been to Me for dross, All of them [are] brass, and tin, and iron, and lead, In the midst of a furnace — dross hath silver been,
19 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi mi katã miezu aŋɔka ta la, maƒo ƒu mi ayi Yerusalem.
Therefore, thus said the Lord Jehovah: Because of your all becoming dross, Therefore, lo, I am gathering you unto the midst of Jerusalem,
20 Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi.
A gathering of silver, and brass, and iron, and lead, and tin, Unto the midst of a furnace — to blow on it fire, to melt it, So do I gather in Mine anger and in My fury, And I have let rest, and have melted you.
21 Maƒo ƒu mia nu, eye matrɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo akɔ ɖe mia dzi, eye woalolõ mi.
And I have heaped you up, And blown on you in the fire of My wrath, And ye have been melted in its midst.
22 Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’”
As the melting of silver in the midst of a furnace, So are ye melted in its midst, And ye have known that I, Jehovah, I have poured out My fury upon you.'
23 Yehowa ƒe nya gava nam be,
And there is a word of Jehovah unto me, saying:
24 “Ame vi, gblɔ na anyigba la be, ‘Ènye anyigba aɖe si dzi tsi alo agbafie medza ɖo le dzikuŋkeke la dzi o.’
'Son of man, say to it, Thou [art] a land, It [is] not cleansed nor rained on in a day of indignation.
25 Eƒe fiaviŋutsuwo bla nu le eme abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene; wovuvua ame, tsɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo, eye wonana nyɔnu geɖewo zua ahosiwo le eme.
A conspiracy of its prophets [is] in its midst, as a roaring lion tearing prey; The soul they have devoured, Wealth and glory they have taken, Its widows have multiplied in its midst.
26 Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome.
Its priests have wronged My law, And they pollute My holy things, Between holy and common they have not made separation, And between the unclean and the clean they have not made known, And from my sabbaths they have hidden their eyes, And I am pierced in their midst.
27 Woƒe amegãwo le abe amegaxiwo ene le eme, eye wovuvua nu siwo wolé. Wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo be woawɔ viɖe madzɔmadzɔwo.
Its princes in its midst [are] as wolves, Tearing prey, to shed blood, to destroy souls, For the sake of gaining dishonest gain.
28 Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi.
And its prophets have daubed for them with chalk, Seeing a vain thing, and divining for them a lie, Saying, 'Thus said the Lord Jehovah:' And Jehovah hath not spoken.
29 Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o.
The people of the land have used oppression, And have taken plunder violently away, And humble and needy have oppressed, And the sojourner oppressed — without judgment.
30 “Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o.
And I seek of them a man making a fence, And standing in the breach before Me, In behalf of the land — not to destroy it, And I have not found.
31 Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
And I pour out on them mine indignation, By fire of My wrath I have consumed them, Their way on their own head I have put, An affirmation of the Lord Jehovah!'