< Hezekiel 12 >

1 Yehowa ƒe gbe va nam be,
And the word of Jehovah came to me, saying:
2 “Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo.
Son of man, thou dwellest in the midst of a rebellious house; they have eyes to see, and see not; they have ears to hear, and hear not; for they are a rebellious house.
3 “Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.
Therefore, thou son of man, prepare thee stuff for removing from the land; and remove by day in their sight, and remove from thy place to another place before their eyes. It may be they will consider, though they be a rebellious house.
4 Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene.
And carry forth thy stuff, as stuff for removing, by day in their sight, and go forth at even in their sight, as they that go forth into captivity.
5 Esi wole kpɔwòm la, ŋɔ gli la, eye nàtsɔ wò nuwo to gli ŋɔŋɔ la me.
Before their eyes break thou through the wall, and carry forth thereby.
6 Tsɔ wo ɖe wò abɔta le woƒe ŋkume, eye nàtsɔ wo adzoe ne blukɔ do. Tsyɔ nu mo ale be màkpɔ anyigba la o, elabena metsɔ wò wɔ dzesii na Israel ƒe aƒe la.”
In their sight bear it upon thy shoulders, and carry it forth in the twilight. Cover thy face, so that thou see not the ground; for I have made thee a sign to the house of Israel.
7 Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume.
And I did as I was commanded, I carried forth my stuff, as stuff for removing from the land, by day; and in the evening I broke through the wall with my hand; I carried it forth in the twilight; I took it upon my shoulder before their eyes.
8 Le ŋdi me la, Yehowa ƒe nya va nam be,
And the word of Jehovah came to me in the morning, and said:
9 “Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã.
Son of man, hath not the house of Israel, the rebellious house, said to thee, “What doest thou?”
10 “Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: gbedeasi sia ku ɖe fiavi si le Yerusalem kple Israel ƒe aƒe blibo la me tɔ siwo le afi ma la ŋu.’
Say to them, Thus saith the Lord Jehovah: This burden concerneth the prince in Jerusalem, and all the house of Israel that is therein.
11 Gblɔ na wo be, ‘Dzesie menye na mi.’ “Nu si mewɔ la, nu ma woawɔ na wo. Woalé wo ayi aboyo mee.
Say, I am your sign. As I have done, so shall it be done to them. They shall remove and go into captivity.
12 “Fiavi si le wo dome la, atsɔ eƒe nuwo ɖe abɔta adzo ne blukɔ do, eye woaɖe do ɖe gli la me nɛ be wòado to eme. Atsɔ nu atsyɔ eƒe mo ale be mate ŋu akpɔ anyigba la o.
And the prince that is among them shall bear upon his shoulder in the twilight, and shall go forth. They shall break through the wall to carry forth thereby; he shall cover his face, that he see not the ground with his eyes.
13 Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma.
I will also spread my net upon him, and he shall be taken in my snare, and I will bring him to Babylon, into the land of the Chaldaeans; yet he shall not see it, though he shall die there.
14 Makaka ame siwo katã ƒo xlãe, eŋumewo kple eƒe aʋawɔlawo katã ɖe yawo nu, eye mati wo yome kple yi.
And all that are round about him to help him, and all his bands, will I scatter to every wind; and I will draw out the sword after them.
15 “Woanya be, nyee nye Yehowa, ne mekaka wo ɖe dukɔwo me kple anyigbawo dzi.
And they shall know that I am Jehovah, when I shall disperse them among the nations, and scatter them in the countries.
16 Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”
But I will leave a few men of them from the sword, from the famine, and from the pestilence; that they may declare all their abominations among the heathen, whither they come; and they shall know that I am Jehovah.
17 Yehowa ƒe nya va nam be,
And the word of Jehovah came to me, saying:
18 “Ame vi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa ne èle wò abolo ɖum, eye nànɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ne èle wò tsi nom.
Son of man, eat thy bread with quaking, and drink thy water with trembling and with carefulness;
19 Gblɔ na anyigba la dzi tɔwo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso ame siwo le Yerusalem dua me kple Israel ƒe anyigba dzi la ŋu. Woaɖu woƒe nu le dzimaɖeɖi me, eye woano woƒe tsi le dziɖeleameƒo me, elabena woaɖe nu siwo katã le anyigba la dzi ɖa le ame siwo katã le afi ma la ƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ta.
and say to the people of the land: Thus saith the Lord Jehovah concerning the inhabitants of Jerusalem in the land of Israel; their bread shall they eat with carefulness, and their water shall they drink with astonishment; that their land may be desolate from all that is therein, because of the violence of them that dwell in it.
20 Du siwo me ameawo le la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’”
And the inhabited cities shall be laid waste, and the land shall be desolate, that ye may know that I am Jehovah.
21 Yehowa ƒe nya va nam be,
And the word of Jehovah came to me, saying:
22 “Ame vi, nu kae nye lododo sia si le mia si le Israel ƒe anyigba dzi be, ‘Ŋkekeawo le yiyim, eye ŋutega ɖe sia ɖe nye dzodzro.’
Son of man, what meaneth that proverb which ye have in the land of Israel, saying, “The days are delayed, and every vision faileth”?
23 Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo.
Therefore say to them, Thus saith the Lord Jehovah: I will make this proverb to cease, and they shall no more use it as a proverb in Israel. But say to them, The days are at hand, and what is declared in every vision.
24 Elabena aʋatsoŋutegawo alo alakpanukaka la, maganɔ anyi le Israelviwo dome o.
For there shall be no longer any vain vision or deceptive divination within the house of Israel.
25 Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’”
For I am Jehovah; I speak, and the word which I speak shall come to pass; it shall no more be delayed. In your own days, ye rebellious house, will I speak the word and perform it, saith the Lord Jehovah.
26 Yehowa ƒe nya va nam be,
And the word of Jehovah came to me, saying:
27 “Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’
Son of man, behold, they of the house of Israel say, “The vision which he seeth is for many days to come, and he prophesieth of times that are far off.”
28 “Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”
Therefore say to them, Thus saith the Lord Jehovah: There shall none of my words be deferred any more; what I speak shall be done, saith the Lord Jehovah.

< Hezekiel 12 >