< Ester 8 >

1 Gbe ma gbe ke la, Fia Ahasuerus tsɔ Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe nunɔamesiwo katã na Fianyɔnu Ester. Woyɔ Mordekai va fia la ŋkume, elabena Ester gblɔ ale si eya kple Mordekai wodo ƒomee la nɛ.
That very day King Xerxes gave Queen Esther the property that had belonged to Haman, the enemy of the Jews. Also, Mordecai came before the king, because Esther had explained who he was to her.
2 Fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ si wògbugbɔ xɔ le Haman si la, eye wòtsɔe na Mordekai. Fianyɔnu Ester tsɔe ɖo Haman ƒe kesinɔnuwo katã nu.
The king removed his signet ring which he had taken back from Haman, and gave it to Mordecai. Esther put Mordecai in charge of Haman's property.
3 Ester gava fia la ŋkume, dze klo ɖe eƒe afɔ nu, eye wòɖe kuku nɛ kple avi be wòatsi nugbe si Haman, Agagitɔ la ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la nu.
Esther went to speak to the king again, falling down at his feet and weeping, pleading with him to do away with the evil scheme of Haman the Agagite that he had thought up to destroy the Jews.
4 Fia la galé sikafiatikplɔ la do ɖe Ester gbɔ, ale Ester tsi tsitre ɖe fia la ŋkume.
Once again the king held out the golden scepter to Esther. She got up and stood before him.
5 Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me,
Esther said, “If it please Your Majesty, and if he looks on me favorably, and if the king believes it is the right thing to do, and if he is pleased with me, let an order be issued that revokes the letters sent out by Haman, son of Hammedatha, the Agagite, with his devious scheme to destroy the Jews in all the provinces of the king.
6 elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.”
For how can I bear to see the disaster about to fall on my people? How can I bear to see the destruction of my family?”
7 Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ.
King Xerxes said to Esther the Queen and Mordecai the Jew, “Notice that I have given Haman's estate to Esther, and he was impaled on a pole because he wanted to kill the Jews.
8 Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.”
Now you may write an order regarding the Jews in whatever way you want, in the king's name, and seal it with the king's signet ring. For no decree written in the king's name and sealed with his signet ring can be revoked.”
9 Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me.
The king's secretaries were summoned, and on the twenty-third day of the third month, the month of Sivan, they wrote a decree of all of Mordecai's orders to the Jews and to the king's chief officers, the governors, and the nobles of the 127 provinces from India to Ethiopia. They wrote to every province in its own script, to every people in their own language, and to the Jews in their own script and language.
10 Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia la ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla, vevietɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ.
He wrote in the name of King Xerxes and sealed it with the king's signet ring. He sent the letters by messenger on horseback, who rode fast thoroughbred horses of the king.
11 Fia la ƒe sedede ɖe mɔ na Yudatɔwo le du ɖe sia ɖe me be wokpɔ mɔ aƒo ƒu, eye woaʋli wo ɖokuiwo ta. Wokpɔ mɔ hã be woagblẽ nu, awu alo atsrɔ̃ asrafoha ɖe sia ɖe tso dukɔ alo to ɖe sia ɖe me, esiwo ke aho aʋa ɖe woawo ŋutɔ kple wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu, eye woaha woƒe futɔwo ƒe nunɔamesiwo.
The letters from the king authorized the Jews in every city to gather together in self-defense, and to destroy, kill, and annihilate any armed group of a people or province that might attack them, including women and children, and to confiscate their possessions.
12 Ŋkeke si woɖo hena Yudatɔwo ƒe nu sia wɔwɔ le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe blibo la mee nye ɣleti wuievelia, Ada, ƒe ŋkeke wuietɔ̃a gbe.
This was to happen on one day throughout all the provinces of King Xerxes, the thirteenth day of the twelfth month, the month of Adar.
13 Wona be woawɔ fia la ƒe gbedeasi wòazu se le nuto ɖe sia ɖe me, eye woakakae na gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe ale be Yudatɔwo anɔ klalo le ŋkeke ma dzi ne woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo.
A copy of the decree was to be issued as law in every province and publicized to the people so that the Jews would be ready on that day to pay back their enemies.
14 Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me.
By order of the king, the messengers riding the king's relay horses rushed out, hurrying on their way. The decree was also issued in the fortress of Susa.
15 Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom.
Then Mordecai left the king, wearing royal clothes of blue and white, with a large golden crown and a purple robe made of fine linen. The city of Susa shouted with joy.
16 Le Yudatɔwo gome ya la, enye dzidzɔ, aseyetsotso, aglotutu kple bubu ƒe ɣeyiɣi na wo.
For the Jews it was a bright time of happiness, joy, and respect.
17 Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.
In every province and in every city, wherever the king's order and decree had reached, the Jews were joyful and happy—they feasted and celebrated. Many people became Jews, because they had become afraid of them.

< Ester 8 >