< Mose 5 12 >
1 “Esiawoe nye se siwo dzi wòle be miawɔ tegbetegbe ne mieva ɖo anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la na mi la dzi.
These are the statutes and judgments, which ye shall observe to do in the land, which the LORD God of thy fathers giveth thee to possess it, all the days that ye live upon the earth.
2 “Ele be miagbã trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuiwo le afi sia afi si miakpɔ wo le, le towo dzi loo, le togbɛwo tame loo, alo le ati damawo te.
Ye shall utterly destroy all the places, in which the nations which ye shall possess served their gods, upon the high mountains, and upon the hills, and under every green tree:
3 Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo. Mitɔ dzo woƒe aƒeliwo. Mimu woƒe legba siwo wotsɔ ga tu la ƒu anyi. Migagblẽ naneke si aɖo ŋku woƒe trɔ̃wo dzi na mi la ɖi o.
And ye shall overthrow their altars, and break their pillars, and burn their groves with fire; and ye shall hew down the graven images of their gods, and destroy the names of them out of that place.
4 Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o,
Ye shall not do so to the LORD your God.
5 ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome.
But the place which the LORD your God shall choose out of all your tribes to put his name there, even his habitation shall ye seek, and there thou shalt come:
6 Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi.
And there ye shall bring your burnt offerings, and your sacrifices, and your tithes, and heave offerings of your hand, and your vows, and your freewill offerings, and the firstlings of your herds and of your flocks:
7 Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.
And there ye shall eat before the LORD your God, and ye shall rejoice in all that ye put your hand to, ye and your households, in which the LORD thy God hath blessed thee.
8 “Azɔ la, migalé miaƒe mɔwo atsɔ abe ale si miele wɔwɔm fifia ene, eye ame sia ame le nu si wòbu be enyo la wɔm o,
Ye shall not do after all the things that we do here this day, every man whatever is right in his own eyes.
9 elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi.
For ye are not as yet come to the rest and to the inheritance, which the LORD your God giveth you.
10 Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la,
But when ye go over Jordan, and dwell in the land which the LORD your God giveth you to inherit, and when he giveth you rest from all your enemies on every side, so that ye dwell in safety;
11 ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene.
Then there shall be a place which the LORD your God shall choose to cause his name to dwell there; there shall ye bring all that I command you; your burnt offerings, and your sacrifices, your tithes, and the heave offering of your hand, and all your choice vows which ye vow to the LORD:
12 Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o.
And ye shall rejoice before the LORD your God, ye, and your sons, and your daughters, and your male and female servants, and the Levite that is within your gates; forasmuch as he hath no part nor inheritance with you.
13 “Mele be miasa miaƒe numevɔwo le afi sia afi ko o;
Take heed to thyself that thou offer not thy burnt offerings in every place that thou seest:
14 misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi.
But in the place which the LORD shall choose in one of thy tribes, there thou shalt offer thy burnt offerings, and there thou shalt do all that I command thee.
15 Aleke wòle hã la, miate ŋu awu lãwo le miaƒe du ɖe sia ɖe me, aɖu lã si sinu mielɔ̃, abe ahlɔ̃e alo zi ene, le yayra si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la nu. Ame siwo ŋuti kɔ kple ame siwo ŋuti mekɔ o la siaa ate ŋu aɖui faa.
However thou mayest kill and eat flesh in all thy gates, whatever thy soul desireth, according to the blessing of the LORD thy God which he hath given thee: the unclean and the clean may eat of it, as of the roebuck, and as of the hart.
16 Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene.
Only ye shall not eat the blood; ye shall pour it upon the earth as water.
17 “Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o.
Thou mayest not eat within thy gates the tithe of thy grain, or of thy wine, or of thy oil, or the firstlings of thy herds or of thy flock, nor any of thy vows which thou vowest, nor thy freewill offerings, or heave offering of thy hand:
18 Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me.
But thou must eat them before the LORD thy God in the place which the LORD thy God shall choose, thou, and thy son, and thy daughter, and thy male servant, and thy female servant, and the Levite that is within thy gates: and thou shalt rejoice before the LORD thy God in all that thou puttest thine hands to.
19 Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi.
Take heed to thyself that thou forsake not the Levite as long as thou livest upon the earth.
20 “Ne Yehowa, miaƒe Mawu la keke miaƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbee ene la, miate ŋu aɖu lã ɣe sia ɣi si mielɔ̃.
When the LORD thy God shall enlarge thy border, as he hath promised thee, and thou shalt say, I will eat flesh, because thy soul longeth to eat flesh; thou mayest eat flesh, whatever thy soul desireth.
21 Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene.
If the place which the LORD thy God hath chosen to put his name there shall be too far from thee, then thou shalt kill of thy herd and of thy flock, which the LORD hath given thee, as I have commanded thee, and thou shalt eat in thy gates whatever thy soul desireth.
22 Ame si ŋuti kɔ kple ame si ŋuti mekɔ o hã ate ŋu aɖu lã ma abe ale si wòaɖu zi alo ahlɔ̃e ƒe lã ene,
Even as the roebuck and the hart is eaten, so thou shalt eat them: the unclean and the clean shall eat of them alike.
23 gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o.
Only be sure that thou eat not the blood: for the blood is the life; and thou mayest not eat the life with the flesh.
24 Migawɔ lã ƒe ʋu ŋu dɔ abe nuɖuɖu ene o, ke boŋ mitsyɔe ɖe anyigba abe tsi ene.
Thou shalt not eat it; thou shalt pour it upon the earth as water.
25 Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa.
Thou shalt not eat it; that it may be well with thee, and with thy children after thee, when thou shalt do that which is right in the sight of the LORD.
26 Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma.
Only thy holy things which thou hast, and thy vows, thou shalt take, and go to the place which the LORD shall choose:
27 Mitsɔ vɔsa siwo woame, woafia keŋkeŋ la da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi. Mitsɔ vɔsa siwo ƒe lã miaɖu, eye miakɔ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la dzi la hã yi afi ma ke.
And thou shalt offer thy burnt offerings, the flesh and the blood, upon the altar of the LORD thy God: and the blood of thy sacrifices shall be poured out upon the altar of the LORD thy God, and thou shalt eat the flesh.
28 Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm.
Observe and hear all these words which I command thee, that it may be well with thee, and with thy children after thee for ever, when thou doest that which is good and right in the sight of the LORD thy God.
29 “Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi.
When the LORD thy God shall cut off the nations from before thee, where thou goest to possess them, and thou succeedest them, and dwellest in their land;
30 Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o.
Take heed to thyself that thou be not snared by following them, after that they are destroyed from before thee; and that thou enquire not after their gods, saying, How did these nations serve their gods? even so will I do likewise.
31 Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me.
Thou shalt not do so to the LORD thy God: for every abomination to the LORD, which he hateth, have they done to their gods; for even their sons and their daughters they have burnt in the fire to their gods.
32 “Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”
Whatever thing I command you, observe to do it: thou shalt not add to it, nor diminish from it.