< Daniel 2 >
1 Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Nebukadnezar ku drɔ̃ewo, eƒe susu ɖe fu nɛ eye megatea ŋu dɔa alɔ̃ o.
In the second year of Nebuchadnezzar's reign the king had dreams that upset him so much that he found it difficult to sleep.
2 Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la,
So the king summoned the magicians, enchanters, sorcerers, and astrologers to tell him what he had dreamed. They came in and stood before him.
3 egblɔ na wo be, “Meku drɔ̃e aɖe si le fu ɖem nam eye medi be mase egɔme.”
“I've had a dream that has really upset me,” he told them. “I need to know what it means.”
4 Tete ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ le Aramgbe me be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔlawo, eye míaɖe egɔme.”
The astrologers answered the king in Aramaic, “May Your Majesty the king live forever! Tell us your dream and we your servants will interpret it for you.”
5 Fia la ɖo eŋu na ɣletivimenunyalawo be, “Nu si meɖo ta me kplikpaa be mawɔe nye, ne mielĩ drɔ̃e la nam eye mieɖe egɔme nam o la, mana woafli mi kakɛkakɛ eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo.
“I can't recall it,” the king told the astrologers. “If you can't reveal the dream to me, and its meaning, you will be cut into pieces and your houses will be totally destroyed!
6 Ke ne mielĩ drɔ̃e la eye mieɖe egɔme nam la, ekema miaxɔ nunanawo kple fetuwo kple bubudeameŋu gã aɖe tso gbɔnye.”
But if you can tell me the dream and its meaning you will receive from me gifts, rewards, and great honor. So tell me the dream and what it means!”
7 Wogagblɔ be, “Fia la nelĩ drɔ̃e la na eƒe dɔlawo eye míaɖe egɔme.”
Again they said the same thing: “If Your Majesty the king would tell us his servants the dream, we will explain what it means.”
8 Tete fia la ɖo eŋu be, “Meka ɖe edzi be ɣeyiɣi ko dim miele elabena mienya ta me si meɖo kplikpaa.
“It's obvious to me that you're just trying to buy time!” said the king. “You can see that I can't remember the dream.
9 Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.”
If you can't reveal the dream to me, you will all receive the same punishment! You have conspired against me, telling me lies, hoping things will change. So tell me what my dream was and then I'll know that you can explain what it means.”
10 Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o.
The astrologers answered the king, “No one on earth could tell the king what he dreamed! Never before has a king, however great and powerful, demanded this of any magician, enchanter, or astrologer!
11 Nu si fia la bia la sẽ akpa. Ame aɖeke mate ŋu aɖee afia fia la o, negbe mawuwo ko, gake womenɔa amewo dome o.”
What Your Majesty is asking is impossible! No one can tell Your Majesty what you dreamed, except the gods, and they do not live among us mortals.”
12 Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã.
This made the king extremely angry, and he ordered all the wise men of Babylon executed.
13 Ale wòde se be woawu nunyalawo katã, eye wòɖo amewo ɖa be woadi Daniel kple etɔawo hã ne woawu wo.
The decree was issued. The wise men were about to be executed, and the king's men went looking for Daniel and his friends.
14 Esime Ariɔk, fiaŋusrafowo ƒe amegã yi be yeawu Babilonia nunyalawo la, Daniel ƒo nu kplii kple nunya kple ayedzedze.
Daniel approached Arioch, the commander of the imperial guard, whom the king had put in charge of the order to execute all the wise men of Babylon. Wisely and tactfully
15 Ebia amegã la be, “Nu ka ta fia la de se sesẽ sia ɖo?” Tete Ariɔk ɖe nya la me na Daniel.
Daniel asked him, “Why would the king issue such a harsh decree?” So Arioch explained to Daniel what had happened.
16 Tete Daniel yi fia la gbɔ eye wòbia be wòana ɣeyiɣi ye be yeaɖe drɔ̃e la gɔme nɛ.
Daniel immediately went to see the king and asked for more time to explain the dream and its meaning to him.
17 Daniel trɔ yi eƒe aƒe me eye woɖe nya la me na xɔlɔ̃awo: Hananiya, Misael kple Azaria.
Then Daniel went home and shared with Hananiah, Mishael, and Azariah what was going on.
18 Edo ŋusẽ xɔlɔ̃awo be woaɖe kuku na Mawu si le dziƒo be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ŋu ale be womawu ye kple ye xɔlɔ̃wo kpe ɖe Babilonia nunyala bubuawo ŋu o.
He told them to pray to the God of heaven, asking for help regarding this mystery, so that he and his friends would not be killed along with the rest of the wise men of Babylon.
19 Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la
That night the mystery was revealed to Daniel in a vision. Then Daniel praised the God of heaven:
20 hegblɔ be, “Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ Tso mavɔ me yi mavɔ me. Nunya kple ŋusẽ nye etɔ.
“Praise the wonderful nature of God forever and ever, for he is wise and powerful.
21 Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo. Eyae naa nunya nunyalawo Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo
He is in charge of time and history. He removes kings, and he sets kings in place. He gives wisdom to make people wise; he gives knowledge to people so they can understand.
22 Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me Eye kekeli nɔa eŋu.
He reveals deep, mysterious things. He knows what lies in darkness, and light lives in his presence.
23 Meda akpe na wò eye mekafu wò O, fofonyewo ƒe Mawu. Ètsɔ nunya kple ŋusẽ nam Èna menya nu tso nu si míebia wò ŋu Èna míenya fia la ƒe drɔ̃e la.”
I give thanks and praise to you, God of my fathers, for you have given me wisdom and power. Now you have revealed to me what we asked you; you have revealed to us the king's dream.”
24 Tete Daniel yi Ariɔk, ame si fia la ɖo na be wòawu Babilonia nunyalawo katã la gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mègawu Babilonia nunyalawo o. Kplɔm yi fia la gbɔ eye maɖe eƒe drɔ̃e la gɔme nɛ.”
So Daniel went to Arioch whom the king had ordered to execute the wise men of Babylon and told him, “Don't execute the wise men of Babylon! Take me to see the king and I will explain to him his dream.”
25 Ariɔk kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake, eye wògblɔ nɛ be, “Mekpɔ ame aɖe le aboyo me si tso Yudatɔwo dome, ame si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la!”
Arioch immediately took Daniel to the king and told him, “I've found one of the captives from Judah who can tell Your Majesty what your dream means.”
26 Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, “Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?”
The king asked Daniel (also called Belteshazzar), “Are you really able to tell me what my dream was, and what it means?”
27 Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o
“No wise men or enchanters or magicians or diviners can explain the mystery Your Majesty wants to know,” Daniel replied.
28 gake Mawu aɖe le dziƒo, ame si ɖea nu ɣaɣlawo fiana. Eɖe nu si ava dzɔ le ŋkeke siwo gbɔna la me fia Fia Nebukadnezar. Wò drɔ̃e kple ŋutega siwo to wò susu me esi nèmlɔ wò aba dzi la le ale:
“But there is a God in heaven who reveals mysteries, and he has revealed to King Nebuchadnezzar what will happen in the last days. Your dream and the visions that came to your mind as you were lying in bed were these.
29 “Esi nèmlɔ anyi la, O fia, wò susu trɔ ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu eye ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiam la ɖe nu siwo ava dzɔ la fia wò.
As Your Majesty lay there, your thoughts turned to the future, and the revealer of mysteries showed you what would take place.
30 Le nye gome la, woɖe nya ɣaɣla sia fiam, menye esi nunya le asinye wu ame bubu siwo le agbe la ta o, ke boŋ be wò, O fia, nànya gɔmeɖeɖe la eye be nàse nu si to wò susu me la gɔme.
It's not because I have any more wisdom than anyone else that this mystery has been revealed to me, but to explain to Your Majesty what you were thinking about so you could understand.
31 “Èɖo ŋku anyi, O fia eye nèkpɔ legba gã aɖe, elolo nɔ dzo dam eye eƒe dzedzeme dzi ŋɔ.
Your Majesty, as you looked, there before you stood a great statue. The statue standing in front of you was huge, and blazingly bright. It looked terrifying!
32 Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli,
The head of the statue was gold, the chest and arms were silver, its middle and thighs were bronze,
33 wowɔ eƒe afɔwo kple gayibɔ eye wowɔ eƒe afɔwo ƒe akpa aɖewo kple gayibɔ, akpa aɖewo kple tsu.
its legs were iron, and its feet were iron and baked clay.
34 Esi nènɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu la, wolã agakpe aɖe me, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o. Ege va dze legba la ƒe afɔ siwo wowɔ kple gayibɔ kple tsu la dzi eye wògbã wo gudugudu.
While you were watching, a stone was quarried, but not by human hands. It struck the iron and clay feet of the statue and smashed them to pieces.
35 Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi.
Then the rest of the statue—the bronze, the silver, and the gold—broke into pieces like the iron and clay. The wind blew them all away like chaff from the summer threshing floor, so that no trace of them could be found. But the stone that struck the statue became a great mountain and filled the whole earth.
36 “Drɔ̃e lae nye si. Azɔ la míaɖe egɔme na fia la.
This was the dream, and now we will explain what it means to the king.
37 O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu,
Your Majesty, you are the king of kings to whom the God of heaven has given the kingdom, and power, strength, and glory.
38 amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika.
He gave you control over all peoples, as well as the wild animals and birds. He made you ruler of all of them. You are the head of gold.
39 “Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi.
But after you another kingdom will rise that is inferior to your kingdom and will replace yours. After that a third kingdom that is bronze will rise and rule over the whole world.
40 Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe.
The fourth kingdom will be strong as iron and in the same way that iron crushes and smashes everything; it will crush and smash all others.
41 Abe ale si nèkpɔe be wowɔ afɔwo kple afɔbidɛwo ƒe akpa aɖewo kple tsu kple gayibɔ ene la, nenemae fiaɖuƒe sia amae, ke gayibɔ ƒe ŋusẽ aɖe anɔ eme abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene. Ale fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asẽ eye akpa aɖe masẽ o.
You saw the feet and toes made from iron and baked clay, and this indicates it will be a divided kingdom. It will have some of the strength of iron but mixed with clay.
42 Abe ale si wowɔ afɔbidɛawo ƒe akpa aɖe kple gayibɔ eye wowɔ akpa aɖe kple tsu ene la, nenemae fiaɖuƒe sia ƒe akpa aɖe asẽ ŋu eye akpa aɖe masẽ ŋu o.
As the toes were partly iron and partly clay, the kingdom will be partly strong and partly brittle.
43 Eye abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene la, nenema ameawo amae eye womawɔ ɖeka o, abe gayibɔ kple tsu ene.
In the same way that you saw the iron mixed with ordinary clay, so the people will mix but they will not stick together just as iron and clay do not mix.
44 “Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.
During the time of these kings the God of heaven will set up an eternal kingdom that will never be destroyed or taken over by others. It will crush all these kingdoms, bringing them to an end, and it will last forever,
45 Esiae nye ŋutega tso agakpe si tso toa me la ƒe gɔmeɖeɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, enye agakpe si gbã gayibɔ la, akɔbli la, tsu la, klosalo la kple sika la gudugudu. “Mawu gã la ɖe nu si ava dzɔ la fia fia la. Drɔ̃e la nye nyateƒe eye woaka ɖe eƒe gɔmeɖeɖe dzi.”
in the same way that you saw the stone quarried from the mountain, but not by human hands, crush the iron, bronze, clay, silver, and gold. The great God has revealed to Your Majesty what is to come. The dream is true, and the explanation is trustworthy.”
46 Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel.
Then King Nebuchadnezzar fell down before Daniel and worshiped him, and ordered offerings of grain and incense to be made to him.
47 Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.”
The king said to Daniel, “Truly, your God is the God of gods, the Lord of kings, the revealer of mysteries, for you have been able to reveal this mystery.”
48 Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ.
Then the king promoted Daniel to a high position and gave him many expensive gifts, making him governor over the whole province of Babylon and head of all the wise men of Babylon.
49 Hekpe ɖe esia ŋu la, le Daniel ƒe kokoƒoƒo nu la, ewɔ Sadrak, Mesak kple Abednego Babilonianyigba la ƒe dziɖuɖudɔwo dzi kpɔlawoe. Ke Daniel ŋutɔ nɔ fia la ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe.
At Daniel's request, the king placed Shadrach, Meshach, and Abednego in charge of the province of Babylon, and Daniel remained at the king's court.