< Petro 2 2 >
1 Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba.
False prophets came to the people, and false teachers will also come to you. They will secretly bring with them destructive heresies, and they will deny the master who bought them. They are bringing quick destruction upon themselves.
2 Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woagblɔ busunya ɖe nyateƒe la ŋu.
Many will follow their sensuality, and through them the way of truth will be blasphemed.
3 Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.
In their greed they will exploit you with deceptive words. For a long time their condemnation has not been idle, and their destruction is not asleep.
4 Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede ga wo ɖe ʋe globo doviviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe; (Tartaroō )
For God did not spare the angels who sinned. Instead he handed them down to Tartarus to be kept in chains of lower darkness until the judgment. (Tartaroō )
5 ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa kple ame adreawo ko wòɖe;
Also, he did not spare the ancient world. Instead, he preserved Noah, who was a herald of righteousness, along with seven others, when he brought a flood on the world of the ungodly.
6 ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo, wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔɖeŋu na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi;
God also reduced the cities of Sodom and Gomorrah to ashes and condemned them to destruction, as an example of what is to happen to the ungodly.
7 ne eɖe ame dzɔdzɔe Lɔt, ame si semanɔsitɔ mawo ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ ti kɔ na,
But as for the righteous Lot, he was oppressed by the sensual behavior of lawless people.
8 (elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome la, eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la kpea fu gbe sia gbe ne ekpɔ, eye wòse agbe si nɔm ameawo le semaɖemɔnatɔe la).
So that righteous man, who was living among them day after day, was tormented in his righteous soul because of what he saw and heard.
9 Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi.
The Lord knows how to rescue godly men out of trials, and how to hold unrighteous men for punishment at the day of judgment.
10 Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, eye wodoa vlo kplɔlawo. Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be womevɔ̃a nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒodɔlawo ŋu o.
This is especially true for those who continue in the corrupt desires of the flesh and who despise authority. Bold and self-willed, they are not afraid to blaspheme the glorious ones.
11 Togbɔ be mawudɔlawo de ŋgɔ, hesesẽ wu wo gɔ̃ hã la, wometsɔa ameŋugblẽnya bua fɔ nu gbagbe siawo le Aƒetɔ la ƒe ŋkume o.
Angels have greater strength and power, but they do not bring insulting judgments against them to the Lord.
12 Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo, eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã woatsrɔ̃.
But these unreasoning animals are naturally made for capture and destruction. They do not know what they insult. They will be destroyed.
13 Woaxɔ madzemadzenyenye ƒe fetu: Ame siwo bua gbe sia gbe ƒe aglotutu dzidzɔdonui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye. Wotsɔa nu siwo wokpɔ to woƒe amebeble me la ɖua nu tsui; evɔ la, wonɔa anyi ɖe kplɔ̃ ɖeka ŋu ɖua nu kpli mi.
They will receive the reward of their wrongdoing. They think that luxury during the day is a pleasure. They are stains and blemishes. They enjoy their deceitful actions while they are feasting with you.
14 Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!
They have eyes full of adultery, they are never satisfied with sin. They entice unstable souls into wrongdoing, and they have their hearts trained in covetousness. They are cursed children!
15 Wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, helé Beor ƒe vi Balaam ƒe mɔ tsɔ, ame si lɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ƒe fetu.
They have abandoned the right way and have wandered off to follow the way of Balaam son of Beor, who loved to receive payment for unrighteousness.
16 Ke tedzi lãmaƒonu tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu nɛ, ka mo nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi Mawu ƒe nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi.
But he obtained a rebuke for his own transgression—a mute donkey speaking in a human voice stopped the prophet's insanity.
17 Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖitsiɖi ɖo ɖi na wo.
These men are springs without water and mists driven by a storm. The gloom of thick darkness is reserved for them.
18 Elabena wotsɔa woƒe nu gblɔa nya dzodzro, siwo me dada le, wotsɔa ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo blea ame siwo si le ame vɔ̃ɖiwo nu fifi laa la nu.
They speak with vain arrogance. They entice people through the lusts of the flesh. They entice people who try to escape from those who live in error.
19 Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo esi woawo ŋutɔ wonye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe edzi la.
They promise freedom to them, but they themselves are slaves of corruption. For a man is a slave to whatever overcomes him.
20 Nenye be wosi le gbegblẽ si le xexea me nu, to sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me, evɔ wogbugbɔ gabla wo ɖe nu mawo ke me, heɖu wo dzi la, woƒe nuwuwu avɔ̃ɖi wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea me.
If they have escaped the corruption of the world through the knowledge of the Lord and Savior Jesus Christ and are again entangled in them and overcome, the last state has become worse for them than the first.
21 Anyo na wo be womenya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o tsɔ wu be woanyae, eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo.
It would have been better for them not to know the way of righteousness than to know it and turn away from the holy commandment delivered to them.
22 Ame siawo la, lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ,” eye “Ha si wole tsi na la gayia eƒe babublu dzi.”
This proverb is true for them: “A dog returns to its own vomit, and a washed pig returns to the mud.”