< Kronika 2 34 >

1 Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem.
Eight years old, was Josiah when he begun to reign, —and, thirty-one years, reigned he in Jerusalem.
2 Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia, David ƒe afɔtoƒewo. Medze ɖe ɖusime alo miame o.
And he did that which was right, in the eyes of Yahweh, —and walked in the ways of David his father, and turned not aside, to the right hand or to the left.
3 Esi wòxɔ ƒe wuiade le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu didi me eye le ƒe ene bubu megbe la, ede asi nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me le Yuda kple Yerusalem. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo eye wòho aƒeliwo le nuxeƒeawo.
And, in the eighth year of his reign, he, being yet a boy, he began to seek unto the God of David his father, -and, in the twelfth year, he began to purify Judah and Jerusalem, from the high places and the Sacred Stems, and the carved images and the molten images.
4 Eya ŋutɔ ɖakpɔ ale si wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui kple ale si womu aƒeli siwo nɔ vɔsamlekpui la tame la ƒu anyi kple ale si wogbã legbawoe eye wotu wɔ heʋuʋu ɖe ame siwo sa vɔ na legba mawo la ƒe yɔdowo dzi la teƒe.
And they threw down before him, the altars of the Baalim, and, the sun-pillars which were on high above them, he hewed down, —and, the Sacred Stems and the carved images and the molten images, brake he in pieces and ground to dust, and tossed over the face of the graves, of them who had been sacrificing unto them.
5 Etɔ dzo trɔ̃nuawo ƒe ƒuwo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe vɔsamlekpui dzi elabena ebu be nuwɔna sia aɖe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃wo ɖa le Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo ŋuti.
And, the bones of the priests, burned he upon their altars, —and so purified Judah and Jerusalem:
6 Le esia megbe la, eyi Manase, Efraim kple Simeon ƒe duwo me, yi keke Naftali ƒe duwo me ke eye wòwɔ nu mawo ke le teƒe mawo hã.
also throughout the cities of Manasseh and Ephraim and Simeon, even as far as Naphtali, —searched he their houses, round about.
7 Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo gudugudu eye wòmu woƒe aƒeliwo ƒu anyi. Ewɔ nu sia le afi sia afi le Israelnyigba blibo la dzi hafi trɔ yi Yerusalem.
And, when he had thrown down the altars and the Sacred Stems, and, the images, he had beaten to powder, and, the sun-pillars, he had hewn down throughout all the land of Israel, then returned he to Jerusalem.
8 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esi wòɖe nu vɔ̃wo ɖa le anyigba la dzi kple gbedoxɔ la ŋuti vɔ la, etia Safan, Azalia ƒe viŋutsu kple Maaseya, be woanye mɔmefia le Yerusalem. Etia Yoa, Yoahaz ƒe vi be wòanye dua ƒe gadzikpɔla eye wòadzra Yehowa, eƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ɖo.
And, in the eighteenth year of his reign, when he had purified the land and the house, he sent Shaphan son of Azaliah and Maaseiah the ruler of the city and Joah son of Joahaz the recorder, to repair the house of Yahweh his God.
9 Eye woyi Nunɔlagã Hilkia gbɔ hetsɔ ga siwo wohe va Mawu ƒe gbedoxɔ me la na. Ga siawo nye ga si Levitɔwo xɔ le gbedoxɔ la ƒe agbowo nu tso ame siwo tso Manase, Efraim kple Israel ƒe akpa bubuawo, Yuda blibo la kple Benyamin kpakple Yerusalemtɔwo si.
So they went in unto Hilkiah the high priest, and delivered the silver that had been brought into the house of God, which the Levites who kept the entrance-hall had collected from the hand of Manasseh, and Ephraim, and from all the remnant of Israel, and from all Judah and Benjamin, —and returned to Jerusalem.
10 Ale wotsɔ wo na dɔnunɔla siwo wotia be woakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzadzraɖodɔwo dzi. Ame siawo xea fe na dɔwɔla siwo dzra gbedoxɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo.
And the overseers in the house of Yahweh, delivered it into the hand of the doer of the work, —yea they delivered it to the doers of the work, because they were working in the house of Yahweh, in searching and repairing the house:
11 Hekpe ɖe esia ŋu la, wona ga atikpalawo kple gliɖolawo be woaƒle kpe kpakpawo kple atiwo na xɔ siwo Yuda fiawo gble ɖi eye nuwo gblẽ le wo ŋuti.
yea they delivered it to the artificers and to the builders, to buy carved stones and timbers for the joinings, —and to build up the houses which the kings of Judah had destroyed.
12 Dɔwɔlawo tsɔ dzo ɖe dɔ la ŋu nɔ Yahat kple Obadiya, ame siwo nye Levitɔwo tso Merari ƒe hlɔ̃ la me la ƒe dzikpɔkpɔ te. Zekaria kple Mesulam tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me woe nye xɔtudɔdzikpɔlawo. Levitɔ siwo nya saŋkuƒoƒo la, nɔa saŋku ƒom le esime dɔwɔlawo nɔa dɔ dzi.
Now, the men, were working faithfully in the work, and over them as overseers, were—Jahath and Obadiah, Levites, of the sons of Merari, and Zechariah and Meshullam, of the sons of the Kohathites, to preside, —and Levites, all who had understanding in instruments of song;
13 Levitɔ bubuwo kpɔa agbatetsɔla siwo tsɔa xɔtunuwo yina na xɔtulawo la dzi. Ame bubuwo naa kpekpeɖeŋu abe gakɔntabulawo, dɔdzikpɔlawo kple agbatsɔlawo ene.
also over the burden-bearers, and such as took the lead, for everyone who was working in any manner of service, —and, of the Levites, were scribes and officers and doorkeepers.
14 Gbe ɖeka esi nunɔlagã Hilkia nɔ gbedoxɔ me eye wònɔ ga si wodzɔ le agboawo nu dem agbalẽ me la, ekpɔ Segbalẽ aɖe si me woŋlɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na Mose la ɖo!
Now, as they were taking out the silver which had been brought into the house of Yahweh, Hilkiah the priest found the Book of the Law of Yahweh, by the hand of Moses.
15 Hilkia gblɔ na Safan, nuŋlɔla la be, “Mefɔ Segbalẽ la le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan.
Then spake up Hilkiah, and said unto Shaphan the scribe, The Book of the Law, have I found, in the house of Yahweh, —and Hilkiah gave the book unto Shaphan.
16 Tete Safan tsɔ agbalẽ la yi na fia la eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo le nu sia nu wɔm le woƒe dɔdeasiwo ŋuti.
Then Shaphan took in the book unto the king, and returned yet further unto the king a message, saying, —All that was delivered into the hand of thy servants, they are doing;
17 Wotsɔ ga si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me la de asi na dɔdzikpɔlawo kple dɔwɔlawo.”
and they have poured out the silver, that was found in the house of Yahweh, and have delivered it into the hand of the overseers, and into the hand of the doers of the work.
18 Safan ƒo nu tso agbalẽ la kple ale si Hilkia fɔe la ŋu eye wòxlẽe na fia la.
Then Shaphan the scribe told the king, saying, A book, hath Hilkiah the priest given to me. And Shaphan, read therein, before the king.
19 Esi fia la se nu siwo Se siawo bia tso Mawu ƒe amewo si be woawɔ la, edze eƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta.
And it came to pass, when the king heard the words of the law, that he rent his clothes.
20 Eɖe gbe Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Abdon, Mika ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be,
Then did the king command Hilkiah—and Ahikam son of Shaphan—and Abdon son of Micah—and Shaphan the scribe—and Asaiah servant of the king, saying:
21 “Miyi miabia Yehowa nam kple Israel kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa trɔ eƒe dɔmedzoe kɔ ɖe mía dzi elabena mía fofowo mewɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo dzi o. Womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
Go, enquire of Yahweh for me, and for the remnant in Israel and in Judah, concerning the words of the book which hath been found, —for great is the wrath of Yahweh, which hath been poured out upon us, because our fathers, kept not, the word of Yahweh, to do according to all that is written in this book.
22 Ale Hilkia kple fia ƒe ame dɔdɔwo yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu nyagblɔɖila sia nye Tokhat ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Hasra si dzi Tokhat nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla.
So Hilkiah and they whom the king had named went into Huldah the prophetess, wife of Shallum son of Tokhath son of Hasrah keeper of the wardrobe, she, having her dwelling in Jerusalem, in the new city, —and they spake unto her accordingly.
23 Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be,
And she said unto them, Thus, saith Yahweh God of Israel, —Say ye unto the man who hath sent you unto me:
24 ‘Yehowa ƒe gbe enye si: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi. Fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me si woxlẽ le Yuda fia ƒe ŋkume la, ava eme;
Thus, saith Yahweh, Behold me bringing in calamity upon this place, and upon the inhabitants thereof, -even all the curses that are written in the book which they have read before the king of Judah:
25 Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo me la. Nye dɔmedzoe atrɔ akɔ ɖe teƒe sia dzi eye enu matso o.’
Because they have forsaken me, and burned incense unto other gods, so as to provoke me to anger, with all the works of their hands, therefore hath my wrath been poured out upon this place, and shall not be quenched.
26 “Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti.
But, unto the king of Judah, who hath sent you to enquire of Yahweh, thus, shall ye say unto him, —Thus, saith Yahweh God of Israel, As touching the words which thou hast heard:
27 Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Mawu ƒe ŋkume, esi miese nu siwo wògblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu eye esi miebɔbɔ mia ɖokui le ŋkunye me, miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe.
Because tender was thy heart, and thou didst humble thyself before God when thou heardest his words against this place and against the inhabitants thereof, and didst humble thyself before me, and didst rend thy clothes and weep before me, therefore, I also, have heard, is the declaration of Yahweh.
28 Ke fifia la, àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va afi sia kple ame siwo le afi sia dzi o.’” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la. Ale wotsɔ nya sia tso Yehowa gbɔ yi na fia la.
Behold me! gathering thee unto thy fathers, and thou shalt be gathered unto thy sepulchres in peace, and thine eyes shall not look upon all the calamity which, I, am bringing in upon this place, and upon the inhabitants thereof. And they returned, unto the king, the message.
29 Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu.
Then the king sent, —and gathered together all the elders of Judah and Jerusalem.
30 Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple Levitɔwo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo.
And the king went up to the house of Yahweh—and all the men of Judah and the inhabitants of Jerusalem—and the priests and the Levites, and all the people, from the great even unto the small, —and he read in their ears, all the words of the book of the covenant, which had been found in the house of Yahweh.
31 Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le Yehowa ŋkume. Eɖe adzɔgbe na Yehowa be, yeadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi.
And the king stood in his place, and solemnised the covenant before Yahweh, to walk after Yahweh, and to keep his commandments and his testimonies and his statutes, with all his heart and with all his soul, —to perform the words of the covenant that are written in this book.
32 Ebia tso ame sia ame si nɔ Yerusalem kple Benyamin si be, woanɔ nubabla sia me kple Mawu eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi.
And he caused to take a stand, all that were present in Jerusalem, and Benjamin, —and the inhabitants of Jerusalem did according to the covenant of God, the God of their fathers.
33 Ale Yosia ɖe legbawo katã ɖa le teƒe siwo Israelnyigba katã dzi eye wòbia tso wo katã si be woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, le eƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me; ameawo yi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la subɔsubɔ dzi.
And Josiah removed all the abominations, out of all the lands which belonged to the sons of Israel, and caused all that were present in Jerusalem to serve, yea to serve, Yahweh their God, —all his days, turned they not aside from following Yahweh, God of their fathers.

< Kronika 2 34 >