< Tesalonikatɔwo 1 5 >
1 Ɣe ka ɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o,
Now as to the times and the seasons, brothers, you have no need that anything be written to you.
2 elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene.
You yourselves know perfectly that the Day of the Lord will come as a thief in the night.
3 Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.
While men are saying "Peace and safety," then, like birth-pangs upon a woman with child, destruction will come upon them suddenly. In no wise will they escape.
4 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o.
But you, brothers, are not in darkness, that "the Day" should come upon you like a bandit.
5 Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o,
For you are all sons of light, and sons of day. We are not of night nor of darkness.
6 eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi.
So then let us not be sleeping as do the rest, but let us be watchful and self-controlled.
7 Zã mee amewo dɔa alɔ̃, eye ɣe ma ɣi me kee amewo mua aha.
For those who are sleeping, sleep in the night, and those who are drunken, are drunken in the night.
8 Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.
But let us who are of the day be self-controlled, putting on the breastplate of faith and love; and for a helmet, the hope of salvation.
9 Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.
For God did not appoint us to wrath, but to win salvation through our Lord Jesus Christ.
10 Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe.
He died for us, in order that whether we are keeping vigil in life or sleeping in death we may ever be living together with him.
11 Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.
So comfort one another, and try to build one another up, as indeed you are doing.
12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, azɔ la, míele biabiam tso mia si be miade bubu ame siwo wɔa dɔ kple vevidodo le mia dome la ŋu, ame siwo wotsɔ ɖo mia nu le Aƒetɔ la me, eye woxlɔ̃a nu mi.
I entreat you, brothers, to acknowledge those who are toiling among you and are your leaders in the Lord, and give you counsel.
13 Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo.
Esteem them very highly in love for their work’s sake. Live in peace among yourselves.
14 Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.
And, brothers, we urge you to admonish the disorderly, comfort the faint-hearted, sustain the weak, lose patience with none.
15 Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.
Take care that none of you ever return evil for evil, but always pursue what is kind to one another and to all.
16 Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi.
Always be joyful.
17 Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.
Pray without ceasing.
18 Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me.
Give thanks in every circumstance, for this is the will of God for you in Christ Jesus.
19 Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o.
Quench not the Spirit.
20 Migado vlo nyagblɔɖiwo o.
Do not despise prophesyings.
21 Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu.
But try all, holding fast to the good.
22 Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.
Hold aloof from every form of evil.
23 Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la.
May the God of peace consecrate you wholly; and may your spirit and soul and body be kept altogether faultless until the coming of our Lord Jesus Christ.
24 Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe.
He who calls you is faithful; he will fulfil my prayer.
25 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta.
Brothers, pray for me.
26 Mido gbe na nɔviwo katã le Kristo me.
Greet all the brothers with a holy kiss.
27 Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã.
I adjure you, in the name of the Lord, to have this letter read to all the brothers.
28 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.
The grace of our Lord Jesus Christ be with you.