< Samuel 1 16 >

1 Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.”
The Lord asked Samuel, “How long are you going to continue to mourn over Saul because I have rejected him as king of Israel? Fill your flask with olive oil and go. I'm sending you to Jesse of Bethlehem, for I have chosen a king for myself from among his sons.”
2 Samuel gblɔ be, “Aleke mayie? Saul ase nya sia eye wòawum.” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi eye nàgblɔ be, ‘Meva vɔ sa ge na Yehowa.’
“How can I go and do that?” Samuel asked. “Saul will hear about it and kill me!” The Lord answered, “Take a young cow with you and say, ‘I've come to sacrifice to the Lord.’
3 Ekema kpe Yese va vɔ la saƒe eye mafia nu si nàwɔ la wò. Àsi ami na ame si dzi matɔ asi la na wò.”
Invite Jesse to the sacrifice, and I will show you what you have to do. Anoint for me the one I tell you to.”
4 Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”
Samuel did what the Lord had told him to and went to Bethlehem. When the town elders met him, they were afraid and asked him, “Do you come in peace?”
5 Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.
“Yes, I come in peace,” he replied. “I have come to sacrifice to the Lord. Purify yourselves and come with me to the sacrifice.” He purified Jesse and his sons and invited them to the sacrifice.
6 Esi wova ɖo teƒea la, Samuel kpɔ Eliab eye wòsusu be, “Vavãe, Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le tsitre ɖe Yehowa ŋkume.”
When they arrived and Samuel saw Eliab, he said to himself, “This has got to be the Lord's anointed!”
7 Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.”
But the Lord said to Samuel, “Don't look at his outward appearance or how tall he is because I have rejected him, for the Lord does not look as human beings do. Human beings only see with their eyes what's on the outside, but the Lord looks at the way people think deep inside.”
8 Yese gblɔ na via Abinadab be wòado ɖe ŋgɔ eye wòazɔ le Samuel ŋkume. Ke Samuel gablɔ be “Yehowa metia ame sia hã o.”
Then Jesse called Abinadab and had him come before Samuel, who said, “The Lord hasn't chosen this one either.”
9 Emegbe Yese yɔ Sama, ke Samuel gblɔ be, “Esia hã Yehowa metiae o.”
Then Jesse had Shammah come forward. But Samuel said, “The Lord hasn't chosen this one either.”
10 Yese na Via ŋutsuvi adreawo to Samuel ŋkume yi gake Samuel gblɔ be; “Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o.”
Jesse had seven of his sons come before Samuel, but Samuel told him, “The Lord has not chosen any of these.”
11 Ale wòbia Yese be, “Viŋutsuvi siawo koe le asiwòa?” Yese ɖo eŋu be, “Ɖevitɔ li gake ele alẽwo kplɔm le gbedzi.” Samuel gblɔ be, “Dɔ ame ɖo ɖee elabena míanɔ anyi o, va se ɖe esime wòava.”
So he asked Jesse, “Don't you have any more sons?” “Well, there's still the youngest,” Jesse replied, “but he is out looking after the sheep.” “Send for him and bring him here because we will not sit down and eat until he gets here,” Samuel told Jesse.
12 Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.”
So Jesse sent for him and brought him in. He had a red complexion with beautiful eyes, and looked handsome. The Lord said, “Go and anoint him, for he's the one.”
13 Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama.
Samuel took the flask of olive oil and anointed him in the presence of his brothers, and the Spirit of the Lord came on David in power from that day on. Then Samuel left and returned to Ramah.
14 Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.
The Spirit of the Lord had left Saul, and an evil spirit from the Lord tormented him.
15 Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò.
Saul's servants told him, “It's definitely an evil spirit from God that's tormenting you.
16 Míaƒe aƒetɔ neɖe gbe na eƒe dɔlawo woayi aɖadi ame aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie la vɛ, ame si aƒo kasaŋku ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò eye awɔe be nàkpɔ gbɔdzɔe.”
Give us your servants here the order to find someone who is good at playing the harp so that when the evil spirit from God comes on you, he can play and you'll feel much better.”
17 Saul lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo, midi kasaŋkuƒola nyui aɖe miakplɔ vɛ nam.”
Saul gave the order to his servants, “Find me someone who is good at playing the harp and bring him to me.”
18 Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.
One of the servants replied, “I know a son of Jesse of Bethlehem who is good at playing the harp. He is a brave man, a good fighter, well-spoken and handsome, and the Lord is with him.”
19 Saul ɖo dɔlawo ɖe Yese hebiae be wòaɖo via David, ame si nye alẽkplɔla la ɖe ye.
Saul sent messengers to Jesse, telling him, “Send me your son David who takes care of the sheep.”
20 Yese meɖo David ɖa asi ƒuƒlu o, ke boŋ eɖo gbɔ̃vi ɖeka hã ɖa kpe ɖe tedzi aɖe si tsɔ nuɖuɖu kple wain hã ŋu.
So Jesse loaded a donkey with bread, a skin of wine, and a young goat and sent them with his son David to Saul.
21 Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi.
David came to Saul and began working for him. Saul thought a great deal of him, and David became his armor-bearer.
22 Saul ɖo ame ɖe Yese be, “Meɖe kuku, na David nazu ŋunyemewo dometɔ ɖeka elabena eƒe nu nyo ŋunye ŋutɔ.”
Saul sent a message to Jesse, saying, “Please allow David to continue working for me because I am pleased with him.”
23 Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, David tsɔa eƒe asi ƒoa kasaŋku eye edzi kana ɖena na Saul eye gbɔgbɔ vɔ̃ la dzona le edzi.
So whenever the spirit from God came on Saul, David would take his harp and play, and Saul would gain relief and feel better, and the evil spirit would leave him.

< Samuel 1 16 >