< Acts 27 >
1 Now as it was determined that we should sail to Italy, they delivered Paul and some other prisoners to a centurion named Julius, of the Augustan cohort.
Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.
2 And going on board a ship of Adramyttium, we went off, intending to sail by the coasts of Asia; Aristarchus a Macedonian of Thessalonica being with us.
Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí.
3 And the next day we touched at Sidon. And Julius treating Paul with great humanity, permitted him to go to his friends to get proper supplies.
Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.
4 And when we departed from thence, we sailed under Cyprus, because the winds were contrary.
Esi míegadze mɔ tso afi ma teti ko la, míedo abala to Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome, elabena ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí.
5 And sailing through the sea of Cilicia and Pamphylia, we came to Myra a city of Lycia.
Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu, eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nuto me.
6 And there the centurion finding a ship of Alexandria bound for Italy, he put us on board it.
Le afi sia la, míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia, eye míeɖoe.
7 And as we sailed slowly for many days, and were hardly got on to Cnidus, the wind not permitting us, we sailed under Crete by Salmone.
Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta.
8 And passing it with difficulty, we came to a place called the Fair-havens, near to which was the city of Lasea.
Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto fugo la ŋu ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be “Ʋudzeƒe Nyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu.
9 And as much time was spent, and sailing was now dangerous, (for the fast was now past, ) Paul exhorted them,
Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o, elabena ƒea wu enu vɔ, eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea, ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be,
10 saying, Sirs, I perceive that this voyage is like to be prejudicial and with much damage, not only of the lading and of the ship, but also of our lives.
“Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Ɖewohĩ ʋua anyrɔ, eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi, eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.”
11 But the centurion regarded the pilot and the master of the vessel, more than the things that were said by Paul.
Ke asrafowo, ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la meɖo to Paulo o, ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ.
12 And the haven not being commodious to winter in, the greater part advised to sail from thence, if they could possibly reach to Phenice to winter at that haven of Crete, which looks both to the south-west and north-west.
Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe.
13 And as the south wind blew gently, thinking they were secure of their purpose, they weighed anchor and sailed close by Crete.
Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.
14 But not long after there arose against it a tempestuous wind called Euroclydon.
Sẽe ko la, yame trɔ zi ɖeka, eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be “anyigbemeɣetoɖoƒeya” la ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi.
15 And the ship being hurried on, and not able to face the wind, we gave it up and so were carried along.
Ahom la lɔ ʋu la ɖe nu, ale be ʋua kulawo ɖe asi le eŋu nɛ, eye wòkplɔ mí dzoe.
16 And running under a certain island called Clauda, we were hardly able to become masters of the boat.
Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be “Kauda” la godo, eye to agbagbadzedze geɖe me la, wote ŋu he tɔdziʋu sue si woti kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la,
17 Which when they had hoisted up, they used helps, undergirding the ship; and fearing least they should fall into the quick-sands, they struck fail, and so were driven.
eye wobla tsɔdziʋu la sesĩe be wòagaʋã alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒuta, eya ta woɖiɖi abalawo, ale ya kɔ mí ɖe nu heyii.
18 And as we were exceedingly tossed by the storm, the next day they lightened the ship:
Esi ŋu ke, eye ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la, ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu gbe ɖe ƒua me.
19 and the third day we cast out with our own hands the tackling of the ship too.
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me.
20 And as neither sun nor stars appeared for several days, and no small tempest lay on us, all hope of our being saved was now taken away.
Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo, eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔli me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ.
21 But after long abstinence from food, Paul stood up in the midst of them and said, Sirs, ye should have hearkened unto me, and not loosed from Crete, and so have saved this damage and loss.
Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene, ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ɖe miese nye gbe, eye míetsi Kreta la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mia dzi o.
22 However, I now exhort you to be of good courage: for there shall be no loss of any life among you, but only of the ship:
Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o.
23 for there stood by me this night an angel of God, whose I am, and whom I serve, saying,
Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be,
24 Fear not, Paul, thou must be brought before Cesar, and behold God hath given thee all that are sailing with thee.
‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’
25 Wherefore, Sirs, be of good courage; for I trust in God, that it shall be so, according as it was told me.
Eya ta nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se nyuie eye menya be nu si wògblɔ la ava eme tututu.
26 But we must be cast upon some island.
Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.”
27 And when the fourteenth night was come, as we were driven up and down in the Adriatic sea, about the middle of the night the mariners thought they drew near to some land:
Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo, esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu.
28 and sounding they found it twenty fathoms; and when they had gone a little farther, and sounded again, they found it fifteen fathoms.
Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽe la, wogadae eye azɔ la, wokpɔ be anɔ afɔ blaasiekɛ pɛ ko.
29 Then fearing least they should fall upon some rocky places, they cast four anchors out of the stern and wished for day.
Ʋua kulawo nya be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la, woda seke ene ɖe ʋua me hedo gbe ɖa na agu ƒe dzedze.
30 But the mariners endeavouring to flee out of the ship, and having let down the boat into the sea, under pretence that they were going to stretch out anchors from the head of the ship,
Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋu la me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene.
31 Paul said to the centurion, and to the soldiers, Unless these men stay in the ship ye cannot be saved.
Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã be, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.”
32 Then the soldiers cut off the ropes of the boat, and let it fall off.
Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi.
33 And while the day was coming on, Paul exhorted them all to take some food, saying, Fourteen days this day ye continue waiting without proper food, having taken nothing:
Le fɔŋli la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kɔsiɖa eve sɔŋ enye esi ame aɖeke meɖu naneke o
34 wherefore I exhort you to take some nourishment, for this is necessary for your safety: for there shall not a hair fall from the head of any of you.
eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”
35 And having spoken thus, he took bread and gave thanks to God in presence of them all, and when he had broken it he began to eat.
Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe, eye esi wòdo gbe ɖa, da akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eka ɖe heɖu.
36 And being all encouraged they also took some food.
Nu sia do ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã, ale be ame sia ame di nane de nu me azɔ.
37 And we were in all in the ship two hundred and seventy-six souls.
Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade.
38 And when they were satisfied with food, they lightened the ship and cast out the corn into the sea.
Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamlɛawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o.
39 And when it was day, they did not know the land near them: but they perceived a certain creek with a shore, into which they were desirous, if they could, to have thrust the ship.
Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o, elabena afu do, gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ ta me bum be ne yewoate ŋui la ne yewoatrɔ ʋu la ayi afi ma.
40 And when they had taken up the anchors, they trusted the ship to the sea, at the same time, loosing the rudder-bands; and hoisting up the main-sail to the wind, they made to the shore.
Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã, eye wodo abala heɖo ta gota.
41 But falling into a place where two seas met, they ran the ship a-ground; and the fore-part stuck fast, and remained immoveable, but the hinder part was dashed in pieces by the violence of the waves.
Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋu la si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka, ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam.
42 And the counsel of the soldiers was to kill the prisoners, least any of them should swim out and escape.
Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã, ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me, aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o.
43 But the centurion, desirous to save Paul, hindered them from their purpose, and ordered those that could swim to throw themselves out first, and get off to land:
Ke le esi woƒe amegã, Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota.
44 and the rest, some on planks, and others on some other things out of the ship. And so it came to pass that they all got safe to land.
Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.