< Ordsprogene 27 >

1 Ros dig ikke af den Dag i Morgen; thi du ved ikke, hvad Dagen vil føde.
Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o.
2 Lad en fremmed rose dig og ikke din egen Mund; en anden og ikke dine egne Læber!
Na ame bubu nakafu wò, ke menye wò ŋutɔ wò nu o, ame bubu newɔe, menye wò ŋutɔ wò nuyiwo o.
3 Stenen er svar, og Sandet er tungt; men Daarens Fortørnelse er svarere end begge.
Kpe nye nu kpekpe eye ke nye agba kpekpe gake bometsila ƒe dzikudoname kpena wu wo ame evea.
4 Hidsighed er grum, og Vrede strømmer over; men hvo kan staa for Skinsyge?
Dziku la ŋutasẽlae eye dɔmedzoe la agbodzelae, ke ame ka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?
5 Aabenbar Irettesættelse er bedre end skjult Kærlighed.
Mokaname le ame dome nyo wu lɔlɔ̃ si woɣla.
6 Saar af en Elsker ere vel mente, men den hadefuldes Kys ere rigelige.
Àte ŋu aka ɖe xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu dzi gake ketɔ ƒe nugbugbɔ dzina ɖe edzi.
7 En mæt Sjæl vrager Honningkage; men alt besk er sødt for en hungrig Sjæl.
Ƒoɖila doa vlo anyitsi, ke hena dɔwuitɔ la, nu veve gɔ̃ hã vivina nɛ.
8 Ligesom en Spurv, der flagrer om borte fra sin Rede, saa er en Mand, der vanker omkring borte fra sit Sted.
Ame si tra tso eƒe aƒe me la le abe xevi si bu eƒe atɔmemɔ ene.
9 Olie og Røgelse glæde Hjertet, og en Vens Sødhed glæder, naar den kommer fra hans Sjæls Raad.
Ami ʋeʋĩ kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ doa dzidzɔ na dzi, xɔlɔ̃ ƒe nunyoamenu tsoa eƒe aɖaŋuɖoɖo vavãwo me.
10 Forlad ikke din Ven og din Faders Ven, og gak ikke i din Broders Hus paa din Nøds Dag; bedre er en Nabo nær hos end en Broder langt borte.
Mègagblẽ xɔ̃wò alo fofowò xɔlɔ̃ ɖi o, eye mègayi nɔviwò ƒe aƒe me ne dzɔgbevɔ̃e ƒo go wò o, anyo na wò be nàyi hawòvi si tsɔ ɖe gbɔwò la gbɔ wu nɔviwò si le adzɔge.
11 Vær viis, min Søn! og glæd mit Hjerte, paa det jeg kan svare den, som forhaaner mig.
Vinye, dze nunya eye nàhe dzidzɔ vɛ na nye dzi; ekema mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si ado vlom.
12 Den kloge saa Ulykken og skjulte sig; men de uerfarne gik frem og maatte bøde.
Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila le yiyim eye wòkpe fu ɖe eta.
13 Naar en gaar i Borgen for en fremmed, tag saa hans Klæder, og tag Pant af ham for den fremmede Kvindes Skyld.
Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si, tsɔe de awɔba me, ne eda megbe na nyɔnu ahasitɔ.
14 Hvo som velsigner sin Næste med høj Røst aarle om Morgenen, ham skal det regnes for en Forbandelse.
Ne ŋutsu aɖe le eƒe aƒelika yram kple ɣli le ŋdi kanya la, woatsɔe abe ɖiŋudodo ene.
15 Et vedholdende Tagdryp paa en Regndag og en trættekær Kvinde ligne hinanden.
Srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsitrɔnu si le ɖuɖum madzudzɔmadzudzɔe le tsidzagbe ene.
16 Hver som søger at skjule hende, skjuler Vind, og hans højre Haand griber i Olie.
Asiɖoɖo edzi le abe asiɖoɖo ya dzi ene alo asitsɔtsɔ ku ami ene.
17 Jern skærpes ved Jern, og en Mand skærpes over for hans Næstes Ansigt.
Abe ale si ga nyrea ga ene la, nenema kee ame nyrea amee.
18 Hvo, som bevarer et Figentræ, skal æde Frugt deraf, og hvo der tager Vare paa sin Herre, skal æres.
Ame si lé be na eƒe gboti nyuie la aɖu eƒe tsetsea eye woade bubu ame si kpɔ eƒe aƒetɔ dzi la ŋu.
19 Ligesom i Vandet Ansigt er imod Ansigt, saa er et Menneskes Hjerte imod et Menneske.
Abe ale si ame ƒe mo dzena le tsi dzii ene la, nenema ame ƒe dzi ɖea eƒe nɔnɔme fianae.
20 Dødsriget og Afgrunden kunne ikke mættes, saa kunne og Menneskens Øjne ikke mættes. (Sheol h7585)
Ku kple tsiẽƒe meɖia ƒo gbeɖe o nenema kee nye ame ƒe ŋku. (Sheol h7585)
21 Diglen er til Sølvet og Ovnen til Guldet, og en Mand prøves efter, hvad han roser.
Sonu li na klosalo, eye dzokpo li na sika, gake wodoa ame kpɔ to kafukafu si wotsɔ nɛ la dzi.
22 Dersom du vilde støde en Daare i Morteren med Støderen midt iblandt Gryn, skal hans Daarskab dog ikke vige fra ham.
Togbɔ be èto bometsila le to me, ètoe kple tati abe bli ene hã la, màte ŋu aɖe eƒe bometsitsi ɖa le eŋu o.
23 Du skal grant kende dine Faars Udseende; sæt din Hu til Hjordene!
Ka ɖe edzi be wò alẽhawo ƒe nɔnɔme le nyanya na wò eye wò ŋku le wò lãhawo ŋu ɖaa;
24 Thi Gods er ikke evindelig, og mon en Krone varer. Ira Slægt til Slægt?
elabena kesinɔnuwo menɔa anyi ɖikaa o eye fiakuku hã menɔa anyi hena dzidzimewo katã o.
25 Naar Høet er bortført, saa lader Græsset sig se igen, og Urterne paa Bjergene sankes.
Ne woƒo gbe eye gbe mumu mie ɖe eteƒe, ne wolã gbe siwo le togbɛwo dzi ƒo ƒui la,
26 Lammene ere til dine Klæder, og Bukke ere en Ager værd.
ekema alẽviawo ana avɔ wò eye gbɔ̃wo anye ga si nàtsɔ aƒle agblee.
27 Og du har Gedemælk nok til Føde for dig, til Føde for dit Hus, og Livs Ophold til dine Piger.
Gbɔ̃notsi anɔ asiwò fũu be wò kple wò aƒemetɔwo miano eye wòanye nunyiame na wò dɔlanyɔnuwo.

< Ordsprogene 27 >