< 1 Královská 13 >

1 A aj, muž Boží přišel z Judstva s slovem Hospodinovým do Bethel, tehdáž když Jeroboám, stoje u oltáře, kadil.
Le Yehowa ƒe nya nu la, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda va Betel esi Yeroboam nɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ.
2 I zvolal proti oltáři slovem Hospodinovým, řka: Oltáři, oltáři, toto praví Hospodin: Hle, syn narodí se domu Davidovu, jménem Joziáš, kterýž obětovati bude na tobě kněží výsostí, jenž zapalují kadidlo na tobě; i kosti lidské páliti budou na tobě.
Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ le nuxeƒewo eye wole vɔ sam fifia le afi sia la asa vɔ ɖo eye woatɔ dzo ameƒuwo hã ɖe dziwò.’”
3 I dal téhož dne znamení, řka: Totoť jest znamení, že mluvil Hospodin: Aj, oltář roztrhne se a vysype se popel, kterýž jest na něm.
Gbe ma gbe ke la, Mawu ƒe ame la na dzesi be, “Esiae nye dzesi si Yehowa gblɔ ɖi. Vɔsamlekpui la ama ɖe eve eye dzofi si le edzi la akaka ɖe anyigba.”
4 V tom uslyšev král Jeroboám slovo muže Božího, že zvolal proti oltáři v Bethel, vztáhl ruku svou od oltáře a řekl: Jměte ho. I uschla ruka jeho, kterouž vztáhl proti němu, a nemohl ji zase přitáhnouti k sobě.
Esi Fia Yeroboam se nya si Mawu ƒe ame la gblɔ ɖi ɖe Betel vɔsamlekpui la ŋuti kple ɣli la, edo eƒe asi ɖa tso vɔsamlekpui la gbɔ eye wògblɔ be, “Milée!” Gake asi si wòdo ɖe amea gbɔ la dze ti ɖe eŋu, ale be magate ŋu ahee ava eɖokui ŋu o.
5 Oltář také se roztrhl, a vysypal se popel z oltáře podlé znamení, kteréž byl předpověděl muž Boží slovem Hospodinovým.
Hekpe ɖe esia ŋuti la, vɔsamlekpui la ma ɖe eve siãa eye afi si nɔ edzi la dudu ɖe anyigba to dzesi si Mawu ƒe ame la na to Yehowa ƒe nya dzi.
6 Protož mluvil král a řekl tomu muži Božímu: Pomodl se medle Hospodinu Bohu svému a pros za mne, abych mohl přitáhnouti ruku svou k sobě. I modlil se muž Boží Hospodinu, a přitáhl král ruku zase k sobě, a byla jako prvé.
Tete fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ɖe kuku ɖe tanye le Yehowa, wò Mawu la gbɔ eye nàdo gbe ɖa ɖe tanye be nye asi naɖɔ ɖo.” Ale Mawu ƒe ame la ɖe kuku na Yehowa ɖe eta eye fia la ƒe asi ɖɔ ɖo, ganɔ abe tsã ene.
7 Tedy řekl král muži Božímu: Poď se mnou domů a posilň se, a dámť dar.
Fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Kplɔm ɖo míayi nye aƒe me ne nàdi nane aɖu eye mana nunana wò.”
8 I řekl muž Boží králi: Bys mi dal polovici domu svého, nešel bych s tebou, aniž bych jedl chleba, aniž bych pil vody na místě tomto.
Ke Mawu ƒe ame la ɖo eŋu na Fia la be, “Ne àtsɔ wò kesinɔnuwo ƒe afã nam gɔ̃ hã la, nyemayi kpli wò loo alo aɖu abolo alo ano tsi le afi ma o
9 Nebo tak mi přikázal slovem svým Hospodin, řka: Nebudeš jísti chleba, ani píti vody, aniž se navrátíš tou cestou, kterouž jsi přišel.
elabena Yehowa ƒe nya de se nam be, ‘Mègaɖu abolo alo ano tsi alo atrɔ agbɔ ato mɔ si dzi nèto yi la dzi o.’”
10 A tak odšel jinou cestou, a nenavrátil se tou cestou, kterouž byl přišel do Bethel.
Ale wòto mɔ bubu dzo eye megato mɔ si wòto yi Betel la o.
11 Prorok pak jeden starý bydlil v Bethel, jehož syn přišed, vypravoval mu všecky věci, kteréž učinil muž Boží toho dne v Bethel; i slova, kteráž mluvil králi, vypravovali otci svému.
Eva eme be nyagblɔɖila tsitsi aɖe nɔ Betel. Viawo yi egbɔ eye wogblɔ nu si Mawu ƒe ame si tso Yuda la wɔ kple nya si wògblɔ na fia la nɛ.
12 Tedy řekl jim otec jejich: Kterou cestou šel? I ukázali mu synové jeho cestu, kterouž šel ten muž Boží, kterýž byl z Judstva přišel.
Nyagblɔɖila tsitsi la bia be, “Mɔ ka wòto dzo?” Viawo fia mɔ lae.
13 Zatím řekl synům svým: Osedlejte mi osla. Kteříž osedlali mu osla, a on vsedl na něj.
Egblɔ na viawo be, “Netsɔ! Mibla akpa na nye tedzi nam.” Esi wobla akpa na tedzia la,
14 A jel za mužem Božím a nalezl jej, an sedí pod dubem. I řekl jemu: Ty-li jsi ten muž Boží, kterýž jsi přišel z Judstva? A on odpověděl: Jsem.
eti Mawu ƒe ame la yome eye wòtui wònɔ anyi ɖe logoti aɖe te nɔ dzudzɔm. Nyagblɔɖila tsitsi la biae be, “Wòe nye Mawu ƒe ame si tso Yuda vaa?” Eɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
15 Kterýž řekl jemu: Poď se mnou domů, a pojíš chleba.
Nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ nɛ be, “Ekema va míyi nye aƒe me nàɖu nu.”
16 Ale on odpověděl: Nemohuť se navrátiti, ani jíti s tebou, aniž budu jísti chleba, ani píti vody s tebou na místě tomto.
Mawu ƒe ame la gblɔ be, “Nyemate ŋu atrɔ ayi kpli wò o eye nyemate ŋu aɖu abolo alo ano tsi kpli wò le afi sia o.
17 Nebo stala se ke mně řeč slovem Hospodinovým: Nebudeš tam jísti chleba, ani píti vody; nenavrátíš se, jda touž cestou, kterouž jsi šel.
Yehowa ƒe nya gblɔ nam be, ‘Mèkpɔ mɔ aɖu abolo alo ano tsi le afi ma alo àtrɔ agbɔ to mɔ si nèto yi la o.’”
18 Jemuž odpověděl: Takéť já prorok jsem jako i ty, a mluvil ke mně anděl slovem Hospodinovým, řka: Navrať ho s sebou do domu svého, ať pojí chleba a napije se vody. To pak sklamal jemu.
Ke nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ be “Nyagblɔɖilae nye hã menye abe wò ke ene. Mawudɔla aɖe gblɔ nya aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Ele be makplɔ wò ayi nye aƒe me eye mana nuɖuɖu kple tsi wò.” Ke ɖeko nyagblɔɖila tsitsi la blee.
19 Takž se navrátil s ním, a jedl chléb v domě jeho a pil vodu.
Ale wòyi Nyagblɔɖila tsitsi la ƒe aƒe me, ɖu nu eye wòno tsi.
20 Když pak oni seděli za stolem, stalo se slovo Hospodinovo k proroku tomu, kterýž onoho byl zase navrátil.
Esi wonɔ nu ɖum la, Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila tsitsi la.
21 A zvolal na muže Božího, kterýž byl přišel z Judstva, řka: Toto praví Hospodin: Proto že jsi na odpor učinil řeči Hospodinově, a neostříhal jsi přikázaní, kteréžť vydal Hospodin Bůh tvůj,
Edo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda la be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Ètsi tsitre ɖe nya si Yehowa gblɔ la ŋu eye mèwɔ se si Yehowa, wò Mawu la de na wò la dzi o.
22 Ale navrátils se a jedls chléb, a pils vodu na místě, o kterémžť řekl: Nebudeš jísti chleba, ani píti vody: nebudeť pochováno tělo tvé v hrobě otců tvých.
Ètrɔ gbɔ, ɖu abolo eye nèno tsi le afi si Yehowa de se na wò be mègaɖu nu, nàno tsi le o eya ta womaɖi wò kukua ɖe fofowòwo ƒe yɔdo me o.’”
23 Tedy když pojedl chleba a napil se, osedlal mu osla, totiž tomu proroku, kteréhož byl navrátil.
Esi Mawu ƒe ame la ɖu nu, no nu vɔ la, nyagblɔɖila tsitsi la, ame si na wòtrɔ gbɔ la, bla akpa na eƒe tedzi nɛ.
24 A když odšel, trefil na něj lev na cestě a udávil jej. I leželo tělo jeho na cestě, a osel stál podlé něho; lev také stál vedlé těla mrtvého.
Esi Mawu ƒe ame la dze mɔ yina la, dzata aɖe do goe hewui. Eƒe kukua mlɔ mɔa dzi, tedzi la kple dzata la nɔ tsitre ɖe egbɔ.
25 A aj, muži někteří jdouce tudy, uzřeli tělo mrtvé ležící na cestě, a lva, an stojí vedlé něho. Kteříž přišedše, pověděli v městě, v kterémž ten starý prorok bydlil.
Emetsola aɖewo kpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi kple dzata si nɔ tsitre ɖe egbɔ eye woyi ɖagblɔ nya la le du si me nyagblɔɖila tsitsi la nɔ.
26 Což když uslyšel ten prorok, kterýž ho byl navrátil s cesty, řekl: Muž Boží jest, kterýž na odpor učinil řeči Hospodinově; protož vydal jej Hospodin lvu, kterýž potřev ho, udávil jej vedlé řeči Hospodinovy, kterouž mluvil jemu.
Esi nyagblɔɖila tsitsi la se nya si dzɔ la, edo ɣli be, “Mawu ƒe ame si mewɔ Yehowa ƒe se dzi o lae. Yehowa wɔ nya si wògblɔ la dzi eye wòna dzata la wui.”
27 Zatím mluvě k synům svým, řekl: Osedlejte mi osla. I osedlali.
Ena viawo bla akpa na eƒe tedzi.
28 A odjev, nalezl mrtvé tělo jeho ležící na cestě, a osla i lva, an stojí u toho těla; a nejedl lev těla toho, aniž co uškodil oslu.
Ekpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi eye dzata la kple tedzi la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Dzata la meɖu ame kuku la o eye melé tedzi la hã o.
29 Protož vzav prorok tělo muže Božího, vložil je na osla, a přinesl je. I přišel do města svého, aby ho plakal a pochoval.
Ale nyagblɔɖila la tsɔ ame kuku la ɖe tedzi dzi va dua me be yeafae eye yeaɖii.
30 Položil pak tělo jeho v hrobě svém, a plakali ho: Ach, bratře můj.
Eɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo me eye wòfae vevie be, “Ao, nɔvinye!”
31 A pochovav ho, mluvil k synům svým, řka: Když já umru, pochovejte mne v témž hrobě, v němž muž Boží jest pochován, vedlé kostí jeho položte kosti mé.
Egblɔ na viawo emegbe be, “Ne meku la, miɖim ɖe yɔdo si me woɖi Mawu ƒe ame la ɖo. Mitsɔ nye ƒuwo mlɔ eƒe ƒuwo xa,
32 Neboť se jistě stane to, což ohlásil slovem Hospodinovým proti oltáři, kterýž jest v Bethel, a proti všechněm domům výsostí, kteréž jsou v městech Samařských.
elabena Yehowa gblɔ nɛ be wòaƒo nu atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu eye fiƒode si wòda ɖe nuxeƒe siwo le Samaria dzi la aɖi wo ŋu.”
33 Po těchto příbězích neodvrátil se Jeroboám od cesty své zlé, ale opět nadělal z lidu obecného kněží výsostí. Kdo jen chtěl, posvětil ruky jeho, a ten byl knězem výsostí.
Togbɔ be Mawu ƒe ame la xlɔ̃ nu Yeroboam hã la, Yeroboam meɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o, ke boŋ egatsɔ ame geɖe siwo metso Levi ƒe ƒome la me o la ɖo nunɔlawoe be woasa vɔ na legbawo le nuxeƒe siwo le toawo dzi. Ame sia ame si lɔ̃ ko la, ate ŋu azu nunɔla.
34 I byla ta věc domu Jeroboámovu příčinou k hřešení, aby vypléněn a vyhlazen byl se svrchku země.
Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe, ena Yeroboam ƒe fiaɖuƒe la gbã eye wòhe ku vɛ na eƒe ƒometɔwo katã.

< 1 Královská 13 >