< 約伯記 26 >

1 約伯回答說:
Hiob ɖo eŋu nɛ be,
2 無能為力的人,你怎樣援助了他﹖無力的手臂,你怎樣支持了他﹖
“Miekpe ɖe ame beli la ŋu ŋutɔ! Miekpe ɖe ame gblɔe la ƒe abɔ ŋu ŋutɔ!
3 你給無知的人出過什麼主義,表現了你豐富的智慧﹖
Aɖaŋu kae nye esi nèna ame si si nunya mele o! Eye sidzedze kae nye gã si nèɖe fia!
4 你說這些話是指教誰﹖從你心裏發出的是什麼精神﹖
Ame kae kpe ɖe ŋuwò be nègblɔ nya siawo? Eye ame ka ƒe gbɔgbɔe ƒo nu to dziwò?
5 幽魂在地下打顫,海底與居於海底的,驚恐不已。
“Ame kukuwo le vevesese gã aɖe me, nenema kee nye ame siwo le tɔ gɔme kple ame siwo le tɔ me.
6 陰府在他前面顯露,死域也沒有遮掩。 (Sheol h7585)
Ku le ƒuƒlu le Mawu ŋkume, eye wometsyɔ nu gbegblẽ dzi o. (Sheol h7585)
7 他將北極伸張到太虛,將大地懸於虛無之上。
Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o.
8 他將水包裹在濃雲中,托水的雲彩卻不破裂。
Eŋlɔ tsiwo ɖe lilikpowo me, gake woƒe kpekpe mena lilikpoawo gbã o.
9 他遮蔽了滿月的面貌,使雲彩散佈其上。
Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi.
10 在水面上劃了一圓圈,當作光明與黑暗的分界。
Eɖe liƒo na dzite ɖe tsiwo dzi eye wòde mama kekeli kple viviti dome.
11 支天的柱子震動,因他的呵叱而戰慄。
Ne ele mo kam na nuwɔwɔwo la, dziƒosɔtiwo ʋuʋuna eye wodzona nyanyanya.
12 他以威力使海洋動盪,以明智擊傷了海怪。
Ena atsiaƒu dze agbo to eƒe ŋusẽ dzi eye wòfli Rahab kakɛkakɛ to eƒe nya dzi.
13 他一噓氣,天氣清朗;他親手戮穿了飛龍。
Ena dziŋgɔli me kɔ to eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ dzi eye eƒe asi ŋɔ da vɔ̃ɖi si ɖiɖi va yina.
14 看啊! 這只是他行動的一端,我們所聽到的語句,何其細微! 他轟轟烈烈的作為,有誰能明瞭﹖
Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale! Eya ta ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”

< 約伯記 26 >